Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 4:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye dukɔ la ɖɔ ame ɖo ɖe Silo woyi ɖatsɔ Yehowa Zebaot, si le Kerubiwo ta me la ƒe nubablaɖaka tso afima ve, eye Eli vi eveawo Xofni kple Pinexas kpe ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Ale wona woyi ɖatsɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka vɛ, Yehowa nɔ anyi ɖe nubablaɖaka sia ƒe Kerubiwo tame. Hofni kple Finehas, Eli viŋutsu eveawo, kplɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo yi aʋagbedzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 4:4
18 Mawu Ofanana  

Eye kpɔ ɖa, Zadok hã kple Lewito, siwo katã le eŋu la, tsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la, eye wodro Mawu ƒe aɖaka la ɖi, vaseɖe esime ameha blibo la tso dua me va to eŋu yi vɔ; eye Abyatar hã yi


Eye Dawid kple dukɔ blibo, si le eŋu la, dze mɔ yi Baal-Yuda, ne woatsɔ Mawu ƒe aɖaka, si ŋu woyɔa Yehowa Zebaot, amesi le Kerubiwo ta me ƒe ŋkɔ ɖo la, atso afima.


Eye Xizkiya do gbe ɖa le Yehowa ŋku me gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, asi nɔa Kerubiwo dzi, wò ɖeka koe nye Mawu ɖe anyigba dzi fiaɖuƒewo katã dzi, wòe wo dziƒo kple anyigba.


Asaf ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „dzogbenya ƒe ɖasediɖi“ ƒe gbe nu.


Wò, Israel kplɔla, see! Wò, amesi kpɔ Yosef dzi abe alẽ ene, eye nèbɔbɔ nɔ kerubiwo dzi gli la, do!


Yehowa enye fia, dukɔwo dzo nyanyanya; ebɔbɔ nɔ Kerubiwo dzi, anyigba ʋanya.


Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu, wò amesi nɔa Kerubiwo dzi, wò ɖeka koe nye Mawu ɖe anyigba dzi fiaɖuƒewo katã dzi, wòe wɔ dziƒo kple anyigba.


Eyata miƒo koko na Mawu, ne wòave mia nu. Miawoe wɔnusla, ɖe miebuna be, agalɔ̃ miaƒe nyaa? Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Ne Aron kple viaŋutsuwo bia nu ɖe nu kɔkɔeawo kple wo ŋu nuawo katã ŋu va, eye ameha la le hoho ge la, eya ko hafi Kehat viwo nava atsɔ wo, bena womagaka asi nu kɔkɔeawo ŋu ahaku o. Esiawo nye Mawu ƒe agbadɔ la ŋu nusiwo Kehat-viwo natsɔ.


Ne ameha la le hoho ge la, ekema Aron kple viaŋutsuwo nayi ɖe eme, eye woaɖe xɔmetsovɔ la atsyɔ na aɖaka, si me se la le,


Ne Mose yi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me, bena yeaƒo nu kplii la, ekema esea gbea ɖe tso Kerubi eveawo dome le nutsyɔnu, si le nubablaɖakaa tame la dzi: afisiae wòƒoa nu kplii le.


Eye esi woɖee le no nu la, ekplɔe ɖe asi, eye wòlé nyi, si xɔ ƒe etɔ̃, kpe ɖe wɔ efa ɖeka kpakple wein lãgbalẽgolo ɖeka ŋu heyi. Eye Xana kple ɖevi la wova Yehowa ƒe me le Silo.


Eye Axiya, Axitub vi, amesi nye Eli vi Pinexas ƒe vi, Ikabod nɔvi, nye Yehowa ƒe nunɔla le Silo, eye wòdo kɔmewu la. Ke aʋakɔ la menyae be, Yonatan dzo o.


Ke Eli ku amegã ɖeɖi, eye wose nusiwo katã viawo nɔa wɔwɔm ɖe Israel blibo la ŋu kple alesi wonɔa nyɔnu, siwo le dɔ wɔm le Mawu ƒe agbadɔ nu la gbɔ dɔmee.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa