Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 4:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Filistitɔwo wɔ aʋa la, eye wosi Israel, ale be wo dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me; woɖu dzi gãa ɖe, eye afɔzɔla akpe blaetɔ̃ tsi le Israel ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Ale Filistitɔwo wɔ aʋa kple ŋusẽ eye wogaɖu Israelviwo dzi. Wowu Israelvi akpe blaetɔ̃ gbe ma gbe eye agbetsiawo si yi woƒe agbadɔwo me.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 4:10
19 Mawu Ofanana  

Eye wotsɔ Absalom ƒu gbe ɖe do gãa ɖe me le avea me, eye wofa kpe li ko gãa ɖe ɖe edzi, eye Israel blibo ta dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me.


Dawid ƒe dɔlawo si Israel ƒe aʋakɔ la le afima, eye ame akpe blave sɔŋ tsi le afima gbemagbe.


Eyata tsi tre, nado ayi, eye naƒo nu kple wò dɔlawo fafɛ; elabena meta Yehowa: ne medo yi o la, amea ɖeke makpɔtɔ ɖe gbɔwò le zã sia me o; eye esia avɔ̃ɖi na wò awu vɔ̃, siwo katã dzɔ ɖe dziwò tso wò ɖekakpuime vaseɖe fifi!


Eye yakamea ɖe le afima, si ŋkɔ nye Seba, Bixri vi, eye wònye Benyamintɔ; eku kpẽ gblɔ bena: Gomea ɖeke mele Dawid gbɔ na mi o, eye domenyinu ɖeke mele Isai vi la si na mi o. Israel lee, mia dome amesiame neyi eƒe agbadɔ me!


Esi Israel blibo la kpɔ bena, fia la mese woƒe gbe o la, dukɔ la ɖo ŋu na fia la bena: Gome ka le Dawid gbɔ na mí, eye domenyinu ka le Isai vi la gbɔ na mi? Israel, yi wò agbadɔ me! Dawid, kpɔ wò aƒe gbɔ! Eye Israel dzo yi eƒe agbadɔ me.


Esi ɣe ɖo to la, ɣli ɖi le asaɖa la me bena: Amesiame neyi eƒe du me, eye amesiame neye eƒe anyigba dzi,


Ke Israel si Yuda, eye wo dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me.


Eye Abiya kple eƒe dukɔ la si wo vevie ŋutɔ, eye ŋutsu dana akpe alafa atɔ̃ ku le Israel dome.


Ke Israel si Yuda, eye wo dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me.


Efrayim-viwo, aŋutrɔdala, siwo bla akpa la, de megbe le aʋawɔgbe;


Elabena miyi nɔnyeƒe le Silo, afisi mena nye ŋkɔ nɔ tsã la, eye mikpɔ nusi mewɔe le nye dukɔ Israel ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ ta la ɖa.


Maɖe ŋku ata mi, miaƒe futɔwo asi mí, eye miaƒe adikãtɔwo aɖu mia dzi, eye ne amea ɖeke mele mia nyãm o hã, miade afa du me.


Ke ne mèɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe o, eye melé se kple ɖoɖo, siwo katã megblɔ na wò egbe la me ɖe asi hewɔ wo dzi o la, ekema fiƒode siawo katã ava dziwò, eye woaɖi ŋuwò.


Yehowa ana wò futɔwo nasi wò, mɔ ɖeka dzi nato aho aʋa ɖe wo ŋu, ke mɔ adre dzi nato asi le wo nu, ale bena natrɔ zu bibi na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã.


Tete Yehowa gblɔ na Samuel bena: Kpɔ ɖa, mele nane wɔ ge le Israel, eye amesiame, si asee la, ƒe toawo kple eve me aɖi yeŋ!


Eye Filistitɔwo ho ɖatɔ Israel, eye aʋa la keke ta. Ke Filistitɔwo si Israel, eye wowu ame akpe ene ɖe aʋagbe dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa