Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 31:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Esi ŋu ke la. Filistitɔwo va nu ɖe ge le ame tsiaʋawo ŋu, eye wokpɔ Saul kple viaŋutsu etɔ̃awo le Gilboa-to la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Esi ŋu ke eye Filistitɔwo yi be woaɖe nuwo le Israel ƒe ame kukuwo ŋu la, wokpɔ Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo ƒe kukuawo le Gilboa to la dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 31:8
7 Mawu Ofanana  

Migaɖe gbe ƒãe le Gat o, eye migado kpoe le Askalon ƒe ablɔwo me o, ne Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo nagadzɔ dzi, eye bolotɔwo ƒe vinyɔnuwo nagatso aseye o!


Mi Gilboa-towo, zãmu alo tsi magadza ɖe mia dzi o, eye agble wɔnuwo maganɔ mia dzi o; elabena afima wotsɔ kalẽtɔwo ƒe akpoxɔnu ƒu gbe ɖo. Saul ƒe akpoxɔnu le abe ɖe womesi ami nɛ o ene.


Esi ŋu ke, eye Filistitɔwo va nu ɖe ge le ame tsiaʋawo ŋu la, wokpɔ Saul kple viawo woku ɖe Gilboa-to la dzi,


Tete Yosafat kple eƒe aʋakɔ la va, be woaha aboyonuawo, eye wokpɔ kesinɔnuwo, awuwo kple nu xɔasiwo le wo dome fũ; eye woha wo, ale be wò wu tsɔtsɔ na wo. Ŋkeke etɔ̃ sɔŋ wole aboyonuawo haha dzi, elabena wosɔ gbɔ ŋutɔ.


Esi Filistitɔwo kpe ta va ƒu asaɖa anyi ɖe Sunem la, Saul hã ƒo Israel blibo la nu ƒu, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilboa.


Esi Israel-ŋutsu, siwo le bali la ƒe go keme kple Yordan ƒe go keme dzi, kpɔ bena, Israel-ŋutsuwo si, eye Saul kple viaŋutsuwo ku la, wogblẽ woƒe duwo ɖi hesi, eye Filistitɔwo va nɔ wo me.


Tete wotso ɖa le enu, eye woɖe eŋutinuwo ɖo ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi godoo, ne woaɖe gbe ƒãe le woƒe trɔ̃wo ƒe me kpakple le dukɔ la dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa