Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 31:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ale Saul kple viaŋutsu etɔ̃awo kple eƒe adekplɔvi la kpakple eƒe amewo katã ku gbe ɖeka enye si.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Ale Saul, eƒe akpoxɔnutsɔla, Via ŋutsu etɔ̃awo kple eƒe aʋawɔlawo ku le ŋkeke ɖeka ma dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 31:6
14 Mawu Ofanana  

Eye wòva me le Saul ƒe ku megbe, esime Dawid gbɔ tso Amalek-ʋa, eye Dawid nɔ Ziklag ŋkeke eve megbe la,


Eye wofa konyi, fa avi hetsi nu dɔ vaseɖe fiẽ le Saul kple via Yonatan kple Yehowa ƒe dukɔ la kpakple Israel ƒe aƒe la ŋuti, le esi wotsi yi nu la ta.


Ale Saul kple via etɔ̃awo kpakple eƒe aƒe blibo la woku zi ɖeka.


Enumake wòyɔ eƒe adekplɔvi gblɔ ne bena: Di wò yi, ne natrɔm ɖo, ne womagagblɔ ɖe ŋunye be, nyɔnue wui o! Tete eƒe adekplɔvi da nui wòku.


Ale dukɔ blibo la yi Gilgal, woɖo fia Saul le afima le Yehowa ŋku me le Gilgal, eye wosa akpedavɔ le afima le Yehowa ŋku me. Eye Saul kple Israel-ŋutsuwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le afima.


Alo menye fifi enye luŋeɣi oa? Ke mele Yehowa yɔ ge, eye wòana dzi naɖe gbe, eye tsi nadza, ne miadze sii, eye míakpɔe bena, miaƒe nu vlo, si miewɔ le Yehowa ŋku me hebia fia la, tri akɔ.


Ke ne miewɔ nu vlo la, ekema atsrɔ̃ mia kple miaƒe fia siaa ɖa.


Dawid gagblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne menye Yehowae awui, alo eƒe ŋkeke aɖe woaku, alo wòayi aʋa woawui o fi!


Yehowa atsɔ Israel hã ade asi na Filistitɔwo akpe ɖe ŋuwò, eye etsɔ la mía kple viwòŋutsuwo miava gbɔnye, Yehowa atsɔ Israel ƒe aʋakɔ la hã ade asi na Filistitɔwo.


Ke esi Saul ƒe adekplɔvi la kpɔ be, eku la, eya hã tso eƒe yi dze enu, eye woku kplii.


Esi Israel-ŋutsu, siwo le bali la ƒe go keme kple Yordan ƒe go keme dzi, kpɔ bena, Israel-ŋutsuwo si, eye Saul kple viaŋutsuwo ku la, wogblẽ woƒe duwo ɖi hesi, eye Filistitɔwo va nɔ wo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa