Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 31:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye Saul gblɔ na eƒe adekplɔvi la bena: Di wò yi naƒo ɖem, ne bolotɔ siawo magava ƒo nu ɖem awɔ funyafunyam o! Ke eƒe adekplɔvi la melɔ̃ o, elabena ele vɔvɔ̃m ŋutɔ. Tete Saul tsɔ eƒe yi, eye wòdze enu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Saul gblɔ na eƒe akpoxɔnutsɔla be, “Ɖe wò yi ɖe go nàƒoe ɖem, ne menye nenem o la, Filistitɔ, aʋamatsomatsoetɔ siawo ava wum eye woado vlom.” Ke vɔvɔ̃ ɖo eƒe akpoxɔnutsɔla la ŋutɔ eye melɔ̃ be yeawɔ Saul ƒe gbe dzi o. Eya ta Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe yi hedze enu.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 31:4
19 Mawu Ofanana  

Eye wòva me le Saul ƒe ku megbe, esime Dawid gbɔ tso Amalek-ʋa, eye Dawid nɔ Ziklag ŋkeke eve megbe la,


Tete Dawid gblɔ nɛ bena: Nuka? Mèvɔ̃ be, nado wò asi ɖa awu Yehowa ƒe amesiamina la oa?


Migaɖe gbe ƒãe le Gat o, eye migado kpoe le Askalon ƒe ablɔwo me o, ne Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo nagadzɔ dzi, eye bolotɔwo ƒe vinyɔnuwo nagatso aseye o!


Ɖekakpui, si to nya la nɛ la, ɖo ŋu bena: Nanetɔe meva Gilboa-to la dzi, eye kpo ɖa. Saul ziɔ ɖe eƒe akplɔ ŋu, eye tasiaɖam kple sɔdolawo ɖee ɖe enu.


Esi Axitofel kpɔ be, womewɔ yeƒe adaŋudede dzi na ve o la, ebla akpa na tedzi, eye wodze mɔ yi eƒe me le wo de. Eye esi wòɖo eƒe me la, ede ka ve na eɖokui, eye wòku, eye woɖii ɖe fofoa ƒe yɔdo me.


Dawid yi ɖaxɔ Saul kple via Yonatan ƒe ƒuwo, siwo Yabes-Gileadtɔwo yi ɖafi le Bet-San ƒe ablɔ me, afisi Filistitɔwo tsɔ wo va ku ɖo, le gbesigbe Filistitɔwo wu Saul le Gilboa la, le wo si.


Esi Zimri kpɔ bena, woxɔ dua la, eyi ɖe fia ƒe aƒe ƒe mɔ̃ me, eye wòtɔ dzo fia ƒe xɔ la ɖe eɖokui dzi, eye woku


Omri ŋutinya susɔea, nusiwo wòwɔ kple eƒe katã, si wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.


Tete Saul gblɔ na eƒe adekplɔvi bena: Di wò yi naƒo ɖem, ne bolotɔ siawo magava awɔ funyafunyam o! Ke eƒe adekplɔvi la meli o, elabena evɔ̃ ŋutɔ. Tete Saul tso eƒe yi hedze enu.


Fofoa kple dadaa gblɔ nɛ bena: Ɖe nyɔnua ɖeke mele nɔviwòwo ƒe vinyɔnuwo kple nye dukɔ blibo la dome o, eyata nayi aɖade srɔ̃ tso Filistitɔwo, siwo nye bolotɔwo la domea? Simson gblɔ na fofoa bena: Ɖee nam, elabena eƒe nu nyo ŋunye!


Enumake wòyɔ eƒe adekplɔvi gblɔ ne bena: Di wò yi, ne natrɔm ɖo, ne womagagblɔ ɖe ŋunye be, nyɔnue wui o! Tete eƒe adekplɔvi da nui wòku.


Eye Yonatan gblɔ na ɖekakpui, si nye eƒe adekplɔvi la bena: Va miyi bolotɔ siawo ƒe dzɔlawo gbɔ! Ɖewohĩ Yehowa awɔ nane ɖe mía nu, elabena mesesẽ na Yehowa be, wòatsɔ ame geɖe alo ame ʋee axɔ na ame o!


Tete Dawid bia ŋutsu, siwo le tsitre ɖe egbɔ bena: Nuka woawɔ na amesi awu Filistitɔ ma, eye wòaɖe ŋukpe ɖa le Israel ŋu la? Elabena ameka nye Filistitɔ bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgoawo ŋu?


Alesi wò ɖɔla ƒoa dzata kple sisiblisi la, nenema ke wòava me na Filistitɔ bolotɔ sia abe wo dometɔ ɖeka ene, elabena Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu wòɖe alɔme le.


Dawid gagblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne menye Yehowae awui, alo eƒe ŋkeke aɖe woaku, alo wòayi aʋa woawui o fi!


Ke esi Saul ƒe adekplɔvi la kpɔ be, eku la, eya hã tso eƒe yi dze enu, eye woku kplii.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa