Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 31:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Filistitɔwo wɔ aʋa kple Israel, eye Israel-ŋutsuwo si le Filistitɔwo nu, eye amewo tsi aʋa le Gilboa-to la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Le ɣeyiɣi sia me la, Filistitɔwo dze aʋa la wɔwɔ gɔme kple Israelviwo eye Israelviwo si le wo nu. Wowu Israelvi geɖewo le Gilboa to dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 31:1
10 Mawu Ofanana  

Mi Gilboa-towo, zãmu alo tsi magadza ɖe mia dzi o, eye agble wɔnuwo maganɔ mia dzi o; elabena afima wotsɔ kalẽtɔwo ƒe akpoxɔnu ƒu gbe ɖo. Saul ƒe akpoxɔnu le abe ɖe womesi ami nɛ o ene.


Ɖekakpui, si to nya la nɛ la, ɖo ŋu bena: Nanetɔe meva Gilboa-to la dzi, eye kpo ɖa. Saul ziɔ ɖe eƒe akplɔ ŋu, eye tasiaɖam kple sɔdolawo ɖee ɖe enu.


Eye ŋutsuvia ɖe le Saul vi Yonatan si, amesi ƒe ata tu. Exɔ ƒe atɔ̃, esime du tso Yezreel va le Saul kple Yonatan ŋuti; tete enyila tsɔe kpa hesii, eye esi wòle kplakplakpla dzi le sisim la, ege, eye wòtu; eŋkɔ nye Mefiboset.


Ke ne miewɔ nu vlo la, ekema atsrɔ̃ mia kple miaƒe fia siaa ɖa.


Eye wòva me le ɣemaɣi bena, Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔwo nu ƒu, ne woawɔ aʋa kple Israel. Eye Axis gblɔ na Dawid bena: Nyae be, mia kple wò amewo miele aʋa ho ge kplim!


Eye Samuel gblɔ na Saul bena: Nukaŋuti neɖe fu nam, eye nèna wokplɔm vɛ? Saul ɖo ŋu bena: Meɖo xaxa me ŋutɔ: Filistitɔwo le aʋa wɔm kplim, ke Mawu trɔ ʋu le yonyeme, eye megale nya ŋu ɖom nam azɔ to nyagblɔɖilawo dzi loo alo to drɔ̃e me o; eyata mena woyɔ wò vɛ, ne nagblɔ nusi mawɔ la nam!


Yehowa atsɔ Israel hã ade asi na Filistitɔwo akpe ɖe ŋuwò, eye etsɔ la mía kple viwòŋutsuwo miava gbɔnye, Yehowa atsɔ Israel ƒe aʋakɔ la hã ade asi na Filistitɔwo.


Esi Filistitɔwo kpe ta va ƒu asaɖa anyi ɖe Sunem la, Saul hã ƒo Israel blibo la nu ƒu, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilboa.


Eye Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔwo katã nu ƒu ɖe Afek, eye Israel ƒu asaɖa anyi ɖe vudo la gbɔ le Yezreel.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa