Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 30:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Esi Dawid gbɔ va Ziklag la, eɖo aboyonuawo ƒe ɖewo ɖe Yuda-ame tsitsiwo, siwo nye xɔlɔ̃awo la bena: Kpɔ ɖa, mixɔ nunana tso Yehowa ƒe futɔwo ƒe aboyonuwo me!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Esi wova ɖo Ziklag la, David ɖo afunyinu siwo woha la ƒe akpa aɖe ɖe Yuda ƒe ametsitsiwo. Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu be, “Esiawo nye nunana siwo mele ɖoɖom ɖe mi tso afunyinu siwo mekpɔ tso Yehowa ƒe futɔwo gbɔ la me.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 30:26
14 Mawu Ofanana  

Xa nye nusi wotsɔ vɛ na wò la dzro, elabena Yehowa yram, mekpɔ nu geɖe! Eye wótèe ɖe ŋu, vaseɖe esime wòxɔe.


Eye wòva me le Saul ƒe ku megbe, esime Dawid gbɔ tso Amalek-ʋa, eye Dawid nɔ Ziklag ŋkeke eve megbe la,


Tete eya kple eƒe ameha blibo la wogbugbɔ va Mawu ƒe ame la gbɔ, eye wòva egbɔ gblɔ bena: Kpɔ ɖa, azɔ medze sii bena, mawu ɖeke mele anyigba blibo la dzi o, negbe le Israel ko. Eyata xɔ nunanaa ɖe tso wò dɔla si!


Amesiwo ŋu nye dzɔdzɔenyenye dze la, atso aseye, eye woakpɔ dzidzɔ ahanɔ gbɔgblɔm ɖaa be: Yehowa, amesi ŋu eƒe dɔla ƒe ŋutifafa dze la, lolo!


Mawu ƒe tasiaɖamwo le akpe nane teƒe akpe. Aƒetɔ la le wo dome. Sinai ye le kɔkɔeƒe la.


Ke tamesusu vavãwo li na bubumewo, eye nu vavãwo dzi wolina ɖo.


Ke mebui nu vevi bena, mexlɔ̃ nu nɔviawo, bena woadze ŋgɔ ava mia gea, bene woadzra yayra, si ŋugbe mieɖo xoxo la, ɖo ɖi, bene wòasɔ gbe abe yayra ene, eye menye abe ŋukeklẽ ene o.


Eye Saul gblɔ na Dawid bena: Kpɔ ɖa, matsɔ vinyenyɔnu xoxoetɔ Merab na wò naɖe; nye kalẽtɔ nam ko, eye wɔ Yehowa ƒe aʋa wo! Ke Saul gblɔ be: Matsi ye si me o, boŋ netsi Filistitɔwo si me!


Ke azɔ la xɔ nusiwo wò dɔlanyɔnu tsɔ vɛ na nye aƒetɔ la, na ɖekakpui, siwo kplɔ nye aƒetɔ ɖo la!


Tsɔ wò dɔlanyɔnu ƒe vodadawo kee! Yehowa ana nye aƒetɔ ƒe aƒe nali ke, elabena Yehowa ƒe aʋawo wɔm nye aƒetɔ la le, eye dzɔgbevɔ̃ea ɖeke madzɔ ɖe dziwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o!


Eye Dawid xɔ alẽwo kple nyiwo katã hã, eye wokplɔ wo dze lãha bubuawo ŋgɔ, eye wole gbɔgblɔm bena: Dawid ƒe aboyonu enye si!


Eye wotsɔe wɔ se kple kɔnu na Israel tso gbemagbe dzi vaseɖe egbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa