Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 30:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Esi Dawid va ame alafa eve, siwo ŋu ɖeɖi te belibeli, ale be womete ŋu dze Dawid yome o, amesiwo wògblẽ ɖe Besor-tɔʋu nu gbɔ la, wova kpe Dawid kple aʋakɔ, si le eŋu la; tete Dawid le ɖe aʋakɔ la ŋu, eye wòdo gbe na wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Esi wova ɖo Besor tɔʋu la to la, wodo go woƒe ame alafa eve siwo ŋu ɖeɖi te ale gbegbe be womete ŋu tso tɔʋu la yi kpli wo o. David do gbe na wo dzidzɔtɔe.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 30:21
7 Mawu Ofanana  

Nɔvilɔlɔ̃ nenɔ anyi!


Mlɔeba la mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui.


Eye esi wòva Sukottɔwo gbɔ la, egblɔ bena: Zebax kple Zalmuna enye si, amesiwo mietsɔ ɖu fewu le ŋunye gblɔ bena: Ɖe wò asi tu Zebax kple Zalmuna, hafi miana abolo wò ame, siwo ŋu ɖeɖi te belibeli la mahã?


Tsɔ notsi babla lalã ewo siawo yi na ame akpe ƒe amegã, eye bia nɔviwòwo be, woli sesĩe mahã? Eye xɔ dzesi tso wo gbɔ vɛ!


Eye Dawid tsa nusiwo wotso vɛ la, de asi na aʋawɔnuwo ŋu dzɔla, eye wòƒu du yi aʋadzedze la nu. Esi wòva la, ebia nɔviawo be, woli sesĩe mahã?


Eye Dawid kple ame alafa ene ti wo yome, ke ɖeɖi te ame alafa eve, siwo tsi anyi la ŋu belibeli, ale be womete ŋu atso Besor-tɔʋu la o.


Tete ame vlo kple yakame, siwo katã le ŋutsu, siwo de kple Dawid dome la gblɔ bena: Esi woawo mede kpli mí o la, eyata miana aboyonu, siwo míexɔ la, ƒe ɖeke wo o; ke boŋ wo dome amesiame nekplɔ srɔ̃a kple viawo ko, ne wòayi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa