7 Samuel menya Yehowa haɖe o, eye Yehowa meɖe eƒe nya fiae haɖe o.
7 Samuel medze si Yehowa haɖe o eye Yehowa meƒo nu nɛ kpɔ haɖe hã o.
Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, esi mahe to na aʋatsotsotɔwo kple bolotɔwo katã:
eye wogblɔ na wo bena: Esi miexɔ se la, miexɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la mahã? Eye woɖo ŋu nɛ bena: Míese hã kpɔ bena, Gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe li o.
Esime menye vi la, meƒo nu abe vi ene, eye mesusu abe vi ene, eye mebu tame abe vi ene; ke esime mezu ŋutsu la, meɖe ɖevimenuwo ɖa.
Ke Yehowa gayɔ Samuel. Tete Samuel fɔ yi Eli gbɔ gblɔ bena: Nyee nye si, elabena eyɔm. Eɖo ŋu bena: Vinye, nyemeyɔ wò o, gbugbɔ yi ɖamlɔ anyi!
Yehowa gayɔ Samuel zi etɔ̃lia, enumake wòfɔ yi Eli gbɔ gblɔ bena: Nyee nye si, elabena eyɔm. Tete Eli dze sii bena, Yehowae le ɖevi la yɔm.