Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 3:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye Yehowa gade asi eɖokuiɖeɖefia me le Silo, elabena Yehowa ɖe eɖokui fia Samuel le Silo to Yehowa ƒe nya la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Yehowa gaɖea eɖokui fiana le Silo. Eɖe eɖokui fia Samuel eye wòƒo nu nɛ le afi ma. Ne Samuel ƒo nu la, Israel blibo la ɖoa toe.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 3:21
12 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa ɖe eɖokui fia Abram gblɔ nɛ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana. Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa, amesi ɖe eɖokui fiae.


Le nya siawo megbe la Abram se Yehowa ƒe nya le ŋutega me bena Abram, megavɔ̃ o; nye enye wò akpoxɔnu; wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ.


ŋutsu blanyi tso. Sixem, Silo kple Samaria, wolũ ge, wole awu vuvuwo me, eye wosi blini helé nuɖuvɔsa kple dzudzɔʋeʋẽedonu ɖe asi, be woatsɔ asa vɔe le Yehowa ƒe me.


Elabena Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe ɖɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.


Eye wògblɔ bena: Mise gbenye! Ne amea ɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me.


miaƒe vidzĩewo, mia srɔ̃wo kple ame-dzro, si le miaƒe asaɖa me, miaƒe nakefɔla kple tsidula siaa,


Esime Mawu ƒo nu na fofoawo le blemaŋɔli to nyagblɔɖilawo dzi zi geɖewo le nya ƒomevi geɖewo me la, eƒo nu kple miawo hã le ŋkeke mamletɔ siawo me le Via me,


Ke miawo miegbe Mawu, si ɖe nu tso miaƒe dzɔgbevɔ̃ewo kple hiãwo katã me, eye miegblɔ nɛ bena: Ɖo fia ɖe mia nu! Azɔ miɖo le Yehowa ŋku me ɖe miaƒe towo kple ame akpeakpeawo nu!


Eye Samuel ɖevi la subɔ Yehowa le Eli gbɔ. Ɣemaɣi la Yehowa meƒoa nu enuenu o, eye ŋutega kpɔkpɔ mebɔ o.


Tete Yehowa va tsi tre ɖi, eye wòyɔe abe tsã ene bena: Samuel! Samuel! Eye Samuel gblɔ bena: Ƒo nu, wò dɔla ke to ɖi!


Tete Yehowa yɔ Samuel, eye wòtɔ gblɔ bena Nyee nye si!


Ke Yehowa de gbe to me na Samuel ŋkeke ɖeka va yi, hafi Saul nava ɖo, gblɔ bena:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa