16 Tete Eli yɔ Samuel bena: Vinye Samuel! Etɔ bena: Nyee nye si!
16 Ke Eli yɔe be, “Vinye Samuel.” Samuel ɖo eŋu be, “Nyee nye esi.”
Eye mawudɔla gblɔ nam le drɔ̃e me bena: Yakob! Meɖo ŋu bena: Nye enye si!
Israel gblɔ na Yosef bena: Nɔviwòwo le alẽwo kplɔm le Sixem, va madɔ wò ɖe wo gbɔ. Eɖo ŋu bena: Nye enye si!
Tete Boas gblɔ na Rut bena: Vinye, see! Megayi ɖafɔe le agble bubua ɖeke me o, eye megadzo le afisia hã o; ke boŋ lé ɖokuiwò ɖe nye dɔlanyɔnuwo ŋu!
Azɔ fia la adze mia ŋgɔ. Ke nye la metsi, meƒo wɔ, eye vinyewo le mia dome; gake mezɔ mia ŋgɔ tso nye ɖekakpuime vaseɖe egbe.
Eye Samuel mlɔ anyi, vaseɖe esi ŋu ke, eye woʋu Yehowa ƒe xɔ la ƒe ʋɔtru. Ke Samuel le ŋutega la gbɔgblɔ na Eli vɔ̃m.
Eye wògblɔ bena: Nya ka wogblɔ na wò? Megaɣla naneke ɖem o! Ne èɣla nusi wògblɔ na wò la ɖe ɖem la, ekema Mawu afia wò agafia wò ɖe edzi!