Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 3:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eyata meka atam ɖe Eli ƒe aƒe la ŋu bena: Womatsɔ vɔsalã alo nuɖuvɔsa alé avu ɖe Eli ƒe aƒe la ƒe vodada nu akpɔ o!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Eya ta meka atam be vɔsawo kple nunanawo mate ŋu ana woatsɔ Eli kple viawo ƒe nu vɔ̃wo ake akpɔ o.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 3:14
10 Mawu Ofanana  

Mawu, nye xɔname ƒe Mawu, ɖem tso hlɔ̃fe me, ekema nye aɖe atso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti!


Ke Yehowa Zebaot gblɔ ɖe to me nam be: Womatsɔ vodada sia ake mi akpɔ o, vaseɖe esime miaku! Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, ye gblɔe!


Tete Yehowa gblɔ nam bena: Ne Mose kple Samuel wotsi tre ɖe ŋkunye me hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋu o. Nyã wo ɖa le ŋkunye me, ne woadzo.


Ke wò la megaɖe kuku ɖe dukɔ sia ta o, megaƒo koko ɖewo ta o, megado gbe ɖa ɖe wo ta o, eye megaƒoe ɖe nunye o, elabena nyemasee na wò o.


Esi meklɔ ŋuwò, ke wò nu makɔmakɔawo gbe ɖiɖi le ŋuwò le wò ŋukpenanuwɔwɔ makɔmakɔawo ta la, eyata ŋuwò maɖi akpa o, vaseɖe esime nye dziku nu nafa ɖe ŋuwò.


Ale miaxlɔ̃ nu Israel-viwo le nu makɔmakɔwo ŋu, bena ne wo ŋu mekɔ o la, woagagblẽ kɔ ɖo na nye nɔƒe, si le wo dome la, eye woaku o.


Ne amegbetɔ da vo ɖe nɔvia amegbetɔ ŋu la, ekema ʋɔnudrɔ̃lawo tsoa eme; ke ne amegbetɔ da vo ɖe Yehowa ŋu la, ameka aɖe kuku ɖe eta? Ke womese wo fofo ƒe gbe o, elabena Yehowa ɖo be, yeawu wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa