Ke nye gbe kple nye fameɖoɖo, siwo meɖe asi na nye dɔla nyagblɔɖilawo la, ɖe womeva mia fofowo dzi, ale be woyi ta me hegblɔ bena: Alesi Yehowa Zebaot ɖo be, yeawɔ mi ɖe miaƒe zɔzɔme kple míaƒe nuwɔnawo nu la, nenema wòwɔ mi oa?
Gake alesi nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la gblɔ, va me na mi la, nenema ke Yehowa ana nya vɔ̃wo katã nava dzɔ mia dzi, vaseɖe esime woatsrɔ̃ mi avɔ le anyigba nyui, si Yehowa, mia Mawu la, na mi la dzi.