Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 3:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Tete Yehowa gblɔ na Samuel bena: Kpɔ ɖa, mele nane wɔ ge le Israel, eye amesiame, si asee la, ƒe toawo kple eve me aɖi yeŋ!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Yehowa gblɔ na Samuel be, “Mele nu dziŋɔ aɖe wɔ ge le Israel.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 3:11
11 Mawu Ofanana  

eyata ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava Yerusalem kple Yuda dzi, ale be amesiwo katã asee la, ƒe towo kple eve me laɖi yeŋ.


Ɖesiaɖe ku ɖe nɔvia ŋu, eye wode alɔ wo nɔewo me, ale be womate ŋu amã o.


Ne eva le yiyim la, eƒe asi axe mi kã, elabena ava yi ŋdi sia ŋdi, le ŋkeke kple zã me, eye ŋɔdzi ɖeɖe sɔŋ aɖe nya gome na mi.


eyata kpɔ ɖa, megaɖe nukunu afia ɖe dzi ɖe dukɔ sia ŋu, nukunuwo ƒe nukunu wòanye, nunya abu ɖe woƒe nunyalawo, eye gɔmesese asi abe ɖe woƒe nugɔmeselawo.


Eye nagblɔ na wo bena: Mi Yuda-fiawo kple mi Yerusalemtɔwo, mise Yehowa ƒe nya! Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mele dzɔgbevɔ̃e he ge ava teƒe sia dzi, eye amesiwo katã see la ƒe tome laɖi yeŋ;


Miɖe ŋku de dukɔwo dome, mikpɔ nu, eye miaƒe nu neku! Elabena mele nane wɔ ge le mia ŋɔli, eye ne wotoe na mi la, miele exɔ ge ase o.


eye amewo ƒe gbɔgbɔ nu latsi le vovɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ na nusiwo le anyigba blibo la katã dzi vam la ŋuti; elabena woaʋuʋu dziƒowo ƒe ŋusẽwo.


„Mikpɔ ɖa, mi vlodolawo, eye miaƒe mo nawɔ yaa, eye mitsrɔ̃, elabena nye la mele ɖaa ɖe wɔm le miaƒe ŋkekeawo me, dɔ, si ne amea ɖe axlẽe afia mi la, miele exɔ ge ase o.“


Tete Yehowa va tsi tre ɖi, eye wòyɔe abe tsã ene bena: Samuel! Samuel! Eye Samuel gblɔ bena: Ƒo nu, wò dɔla ke to ɖi!


Filistitɔwo wɔ aʋa la, eye wosi Israel, ale be wo dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me; woɖu dzi gãa ɖe, eye afɔzɔla akpe blaetɔ̃ tsi le Israel ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa