Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 3:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Samuel ɖevi la subɔ Yehowa le Eli gbɔ. Ɣemaɣi la Yehowa meƒoa nu enuenu o, eye ŋutega kpɔkpɔ mebɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Samuel, ɖevi sue la, nɔ Yehowa subɔm to kpekpe ɖe Eli ŋu me. Le ɣe ma ɣi me la, ƒãa hafi Yehowa naƒo nu na amegbetɔ eye ŋutegakpɔkpɔ hã mebɔ o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 3:1
11 Mawu Ofanana  

Míele míaƒe dzesiwo kpɔm o; nyagblɔɖilaa ɖeke megali o, eye amea ɖeke mele mía dome anya ɣesiɣi wòava ase ɖo o.


Ne nyagblɔɖi meli o la, dukɔ tsia bodome; ke ne edzra sea ɖo la, woayrae.


Mana amegbetɔ nave abe sika nyuitɔ ene, eye ame kodzogbea abe Ofir-sika ene.


Dzɔgbevɔ̃e akplɔ dzɔgbevɔ̃e ɖo, eye ŋɔdzinya ava ɖe ŋɔdzinya yome; woadi ŋutega tso nyagblɔɖilawo si, nufiame abu ɖe nunɔlawo, eye adaŋudede de ame tsitsiwo.


Emegbe Elkana dzo yi eƒe xɔ nu le Rama; ke ɖevi la zu subɔla na Yehowa le nunɔla Eli gbɔ.


Ke Samuel subɔna le Yehowa ŋku me, enye ɖevi, eye wòdoa aklala kɔmewu


Eye maɖo nunɔla nuteƒetɔ na ɖokuinye, amesi awɔ nu ɖe nye dzi dzi, eye wòawɔ nusi adze ŋunye; mana eƒe aƒe nali ke, eye wòadze nye amesiamina la ŋgɔ ɖaa


Eye amesiwo akpɔtɔ ɖe aƒewò me la, dome ɖesiaɖe ava dze klo ɖe eŋku me, eye woabia ga kple aboloe agblɔ bena. Tsɔm kpe ɖe wò amesiwo le nunɔladɔ wɔm la ŋuti, ne makpɔ abolo aɖu!


Eye Samuel mlɔ anyi, vaseɖe esi ŋu ke, eye woʋu Yehowa ƒe xɔ la ƒe ʋɔtru. Ke Samuel le ŋutega la gbɔgblɔ na Eli vɔ̃m.


Eye Yehowa gade asi eɖokuiɖeɖefia me le Silo, elabena Yehowa ɖe eɖokui fia Samuel le Silo to Yehowa ƒe nya la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa