Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 29:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Tete Filistitɔwo ƒe amegãwo do dɔmedzoe ɖe eŋu, eye Filistitɔwo ƒe amegãwo gblɔ ne bena: Na ame sia nagbugbɔ ayi teƒe, si netsɔ nɛ, ne magayi aʋa la kpli mí, eye wòanye miaƒe futɔ le aʋa me o! Elabena nuka ame sia awɔ atsɔ dze eƒe aƒetɔ ŋu, ne menye ame siawo ƒe ta oa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Ke Filistitɔwo ƒe kplɔlawo do dɔmedzoe eye wogblɔ be, “Na woatrɔ adzo, womele aʋa yi ge kpli mí o. Woava trɔ le mía yome. Mɔ nyui aɖe li si dzi wòato awɔ ɖeka kple eƒe aƒetɔ, Saul, wu tɔtrɔ ɖe mía ŋu le aʋa la mea?

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 29:4
8 Mawu Ofanana  

Eye amea ɖewo tso Manase va Dawid gbɔ, esime eya kple Filistitɔwo ho aʋa ɖe Saul ŋu; ke mekpe ɖe wo ŋu o, elabena Filistitɔwo ƒe amegãwo bu lãme, eye woɖe asi le eŋu, elabena wobu be: ne edzo ɖade eƒe aƒetɔ dzi la, ekema míaƒe ta enye ekem tsi asi!


Esi wòva Ziklag la, amewo tso Manase va egbɔ: Adnax, Yozabad, Yediael, Mixael, Yozabad, Elihu kple Ziletai, woawo nye Manase ƒe ame akpewo ƒe tatɔwo.


Enyo, mina miadze aye ɖe wo ŋuti, bena womagasɔ gbɔ ɖe edzi o, eye ne aʋa dzɔ la, womagade míaƒe futɔwo dzi awɔ aʋa kpli mí ahaʋu le anyigba la dzi o.


Eye aƒetɔ la kafu xɔnuvi madzɔmadzɔ la, elabena ewo nu le aɖaŋu me. Elabena xexe sia me viwo dze adaŋu wu kekeliviwo hena woa ŋutɔwo ƒe dzidzimeviwo.


Hebritɔ, siwo nɔ Filistitɔwo gbɔ tsã, eye woho va asaɖa me kpli wo la, hã dzo va ɖe Israel, si le Saul kple Yonatan ŋu la dzi.


Tete Axis tso Ziklag nɛ gbemagbe; eyata Ziklag zu Yuda-fiawo to vaseɖe egbe.


Axis ɖo ŋu gblɔ na Dawid bena: Nye la menyae bena, ame nyui nènye abe mawudɔla ene, ke Filistitɔwo ƒe amegãwo gblɔ bena, megayi aʋa la kpli mí o!


Esi Dawid kple eƒe amewo gbɔ va Ziklag le ŋkeke etɔ̃agbe la, kpɔ ɖa, Amalekitɔwo va dze dziehenyigba kple Ziklag dzi, eye wòsi Ziklag hetɔ dzoe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa