Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 29:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tete Filistitɔwo ƒe amegãwo gblɔ bena: Nuka dim Hebritɔ siawo le? Axis ɖo ŋu na Filistitɔwo ƒe amegãwo bena: Alo menye eya nye Dawid, Israel-fia Saul ƒe dɔla, si le gbɔnye ƒe eve enye si oa? Eye nyemekpɔ naneke le eŋu, tso esime wòva vaseɖe egbe o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Filistitɔwo ƒe aʋakplɔlawo bia be, “Nu ka wɔm Israelviwo le le afi sia?” Fia Akis gblɔ na wo be, “Ame siae nye David, Israel fia Saul ƒe subɔla ame si si le egbɔ. Ƒe aɖewo nye esi wòle gbɔnye eye nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu kpɔ tso esime wòva gbɔnye o.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 29:3
13 Mawu Ofanana  

Tete amea ɖe si va gblɔe na Hebritɔ Abram, si le Amoritɔ Mamre, Eskol kple Aner nɔvi ƒe ali gãwo te la. Ame siawoe bia nu kple Abram.


Eye amea ɖewo tso Manase va Dawid gbɔ, esime eya kple Filistitɔwo ho aʋa ɖe Saul ŋu; ke mekpe ɖe wo ŋu o, elabena Filistitɔwo ƒe amegãwo bu lãme, eye woɖe asi le eŋu, elabena wobu be: ne edzo ɖade eƒe aƒetɔ dzi la, ekema míaƒe ta enye ekem tsi asi!


Esi wòva Ziklag la, amewo tso Manase va egbɔ: Adnax, Yozabad, Yediael, Mixael, Yozabad, Elihu kple Ziletai, woawo nye Manase ƒe ame akpewo ƒe tatɔwo.


Tete tatɔawo kple amegãawo di nya le Daniel ŋu le dziɖunya gome, ke womete ŋu kpɔ nya alo nu gbegblẽ wɔwɔa ɖeke o, elabena eɖi anukware, eye womekpɔ vototo alo nu gbegblẽ wɔwɔ le eŋu o.


Eye esi nunɔlagãwo kple dɔlawo kpɔe la, wodo ɣli bena: Klãe ɖe ati ŋuti, klãe ɖe ati ŋuti! Pilato gblɔ na wo bena: Ekema mia ŋutɔwo mikplae yii, eye miklãe ɖe ati ŋuti, elabena nye la nyemekpɔ nya vɔ̃a ɖeke le eŋuti o.


Migabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o! Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na amea ɖeke o, miaƒe tamesusuwo nanɔ nu nyuiwo yome le amewo katã ƒe ŋku me;


esi dzitsinya nyui le mia si, bene nusi me wogbɔ nya vɔ̃ de mia ŋuti le abe vɔ̃wɔlawo ene la, woado ŋukpe amesiwo do vlo miaƒe agbenɔnɔ nyui, si le Kristo me la.


Eye Filistitɔwo ƒe dzɔlawo kpɔ woa kple evea. Tete Filistitɔwo gblɔ bena: Kpɔ ɖa, Hebritɔwo do tso do, siwo me woɣla ɖo la me.


Tsɔ wò dɔlanyɔnu ƒe vodadawo kee! Yehowa ana nye aƒetɔ ƒe aƒe nali ke, elabena Yehowa ƒe aʋawo wɔm nye aƒetɔ la le, eye dzɔgbevɔ̃ea ɖeke madzɔ ɖe dziwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o!


Ke Dawid gblɔ le eƒe dzi me bena: Gbe ɖeka ko mele Saul si me tsi ge; anyo nam wu, ne mesi yi ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, ekema Saul atasi nye nya, eye magadim le Israel-nyigba blibo la dzi azɔ o, eye mage le esi me.


Ŋkeke, siwo Dawid no Filistitɔwo ƒe anyigba dzi la, le ƒe ɖeka kple dzinu ene.


Tete Axis yɔ Dawid gblɔ nɛ bena: Meta Yehowa ƒe agbe, ame dzɔdzɔe nènye, eye wò aʋahoho kple gbɔgbɔ kplim dze ŋunye; elabena nyemekpɔ vɔ̃a ɖeke le ŋuwò tso gbesigbe nèva gbɔnye vaseɖe egbe o; ke wò nya metrɔ na amegãwo o.


Ke esi Filistitɔwo se aseye la ƒe ɖiɖi la, wogblɔ bena: Aseye gã ka enye si le ɖiɖim le Hebritɔwo ƒe asaɖa me? Eye wose bena, Yehowa ƒe nubablaɖakae va asaɖa la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa