Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 29:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔwo katã nu ƒu ɖe Afek, eye Israel ƒu asaɖa anyi ɖe vudo la gbɔ le Yezreel.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Azɔ la, Filistitɔwo ƒe aʋakɔ kpe ta ɖe Afek eye Israelviwo ƒe aʋakɔ ƒu asaɖa anyi ɖe vudoawo gbɔ le Yezreel.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 29:1
20 Mawu Ofanana  

eye wòɖoe fia ɖe Gilead kple Asertɔwo, Yezreel, Efrayim, Benyamin kple Israel blibo la dzi.


Tete Filistitowo se bena, wosi ami na Dawid heɖo fiae ɖe Israel dzi, eye Filistitɔwo katã ho, bena woadi Dawid. Eye esi Dawid see la, eyi mɔ̃ la me.


Ke esi ame mlɔeawo si yi Afek-dua me la, gli mũ dze ame akpe blave vɔ adre, siwo kpɔtɔ la dzi; eye Ben-Hadad si yi dua me tso xɔ me yi xɔ me.


Eye wòva me le nya siawo megbe be, Weingblea ɖe le Yezreeltɔ Nabot si le Yezreel te ɖe Samaria-fia Axab ƒe aƒe ŋu.


Eye ale Yehowa gblɔ le Izebel hã ŋu enye si: Avũwo aɖu Izebel le Yezreel ƒe gli gbɔ.


Emegbe Yehu va Yezreel. Esi Izebel see la, eɖo tu ɖe ŋku, eye wòwɔ leke na eƒe ta, eye wòdo mo ɖe fesre nu.


Eye wogbugbɔ va gblɔ̃e nɛ; tete wògblɔ be: Esia nye nya, si Yehowa gblɔ to eƒe dɔla Eliya, Tisbitɔ la dzi bena: Avũwo aɖu Izebel ƒe lã le Yezreel-gble me.


Edom ƒe agbadɔwo kple Ismaeltɔwo, Moabtɔwo kple Hagaritɔwo,


Afek-fia ɖeka, Saron-fia ɖeka,


Tete Yosef-viwo gblɔ bena: To la menya de mia nu-o, evɔ galasiaɖamwo hã le Kanaanitɔ, siwo katã le bali la me kple esiwo le Bet-Sean kple eƒe duwo me kpakple esiwo le Yezreel gbadzaƒe la si.


Eye woƒe anyigba to Yezreel, Kesulot, Sunem,


vaseɖe Uma, Afek kple Rexob. Wole du blave vɔ eve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.


Eye Midiantɔwo katã kple Amalekitɔwo kpakple ɣedzeƒeviwo kpe la heho va ƒu asaɖa anyi ɖe Yezreel-bali me.


Tete Yerub-Baal, si nye Gideon, kple dukɔ blibo, si le eŋu la, fɔ ŋdi kanya va ƒu asaɖa anyi de Xarod-vudo la gbɔ, eye Midiantɔwo ƒe asaɖa le woƒe anyiehe gome, tso More-togbɛ la gbɔ ɖo ta bali la me.


Eye wòtsɔe va ɖo Saul kple eƒe dɔlawo kɔme, eye woɖui; emegbe; wotso hedzo le zã ma me.


Esi Filistitɔwo kpe ta va ƒu asaɖa anyi ɖe Sunem la, Saul hã ƒo Israel blibo la nu ƒu, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilboa.


Eye Samuel ƒe nya de Israel blibo gbɔ. Eye Israel ho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu; woƒu asaɖa anyi ɖe Eben-Ezer gbɔ, eye Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Afek.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa