Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 28:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye Saul bia nu Yehowa, ke Yehowa meɖo ŋu nɛ le drɔ̃e me loo alo to Urim alo nyagblɔɖilawo dzi o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Ebia nu si wòawɔ la Yehowa, ke Yehowa meɖo nya aɖeke ŋu nɛ to drɔ̃ekuku me, alo to Urim dzi loo alo to nyagblɔɖilawo dzi o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 28:6
25 Mawu Ofanana  

Wodo ɣli na Yehowa, ke xɔnametɔa ɖeke meli o, eye meɖo ŋu na wo o.


Míele míaƒe dzesiwo kpɔm o; nyagblɔɖilaa ɖeke megali o, eye amea ɖeke mele mía dome anya ɣesiɣi wòava ase ɖo o.


eye agbaka enelia nanye krisolit, soham kple yaspis. Eye woatsɔ sika aƒo fefeka ɖe wo ŋu akpe ɖo.


Eye natsɔ Urim kple Tumim ade akɔtaɖonu, si enye nyametsonu la me, bena ne Aron yi Yehowa ƒe ŋku me la, wòanɔ eƒe dzi dzi. Israel-viwo ƒe nyametsonu nanɔ Aron ƒe dzi dzi le Yehowa ƒe ŋku me tegbee.


Megaƒo adegbe ɖe etsɔ, si gbɔna ŋu o, elabena mènya nuka dzi ge etsɔ ala o.


Yehowa be: Nyagblɔɖila, si ku drɔ̃e la, nelĩ drɔ̃e, eye amesi si nye nya le la, negblɔ nye nya le nyateƒe me; tsro gbɔ nya kae tsɔ lu gbɔ nya?


Eƒe agbowo ɖo agu, eye wogblẽ eƒe gametiwo heŋe wo; eƒe fia kple eƒe amegãwo le dukɔwo dome, se mele wo si o, woƒe nyagblɔɖilawo hã mekpɔa ŋutega tso Yehowa gbɔ o.


etsɔ akɔtaɖonu la ɖo eŋu, eye wotsɔ Urim kple Tumim ɖe akɔtaɖonu la me;


Ŋu-kpe alé nukpɔlawo, bokɔnɔwo ƒe mo atsi ɖã, eye wo katã woabla nu ɖe ge, elabena Mawu megale nya ŋu ɖom azɔ o.


Eye wògblɔ bena: Mise gbenye! Ne amea ɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me.


Ele nɛ be, wòava nunɔla Eleazar gbɔ, bena wòatsɔ Urim abia nu nɛ le Yehowa ŋku me; eye alesi wògblɔ la, eya nu woa kple Israel-viwo ƒe ha blibo la katã naho, eye woagatrɔ agbɔ ɖo.


Ke esi wòle nu siawo ŋuti bum la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe gblɔ nɛ bena: Yosef, Dawid vi, megavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va gbɔwò o, elabena fu, si ke wòfɔ la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la mee wòtso.


Mienya bena, Mawu meɖoa to nuvɔ̃wɔlawo o, ke boŋ ne amea ɖe vɔ̃a Mawu, eye wòwɔa eƒe lɔlɔ̃nu la, eyae woɖoa toe.


Eye wògblɔ le Lewi ŋu bena: Wò Tumim kple Urim enye wò ame kɔkɔe la tɔ. Amesi nete kpɔ le Masa, eye nèwɔ dzre kplii le dzrewɔtsia gbɔ.


Miebiana, eye miexɔnɛ o; elabena miebiana le mɔ vɔ̃ dzi, bene miagblẽ nu la le miaƒe dzidzɔkpɔkpɔwo me.


Eye Saul bia nu Mawu se bena: Maho dze Filistitɔwo yomea? Atsɔ wo ade asi na Israel mahã? Ke meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ gbemagbe o.


Eye Samuel gblɔ na Saul bena: Nukaŋuti neɖe fu nam, eye nèna wokplɔm vɛ? Saul ɖo ŋu bena: Meɖo xaxa me ŋutɔ: Filistitɔwo le aʋa wɔm kplim, ke Mawu trɔ ʋu le yonyeme, eye megale nya ŋu ɖom nam azɔ to nyagblɔɖilawo dzi loo alo to drɔ̃e me o; eyata mena woyɔ wò vɛ, ne nagblɔ nusi mawɔ la nam!


Ke esi Saul kpɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔa la, evɔ̃, eye dzika tso eƒo ŋuta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa