5 Ke esi Saul kpɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔa la, evɔ̃, eye dzika tso eƒo ŋuta.
5 Esi Saul kpɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ƒe agbɔsɔsɔ la, dzidzi ƒoe eye wòvɔ̃ ŋutɔ.
Ŋɔdzigbe ɖi le eƒe to me be: Adzoblasu le ƒoƒo ge ɖe edzi le ŋutifafaɣi me.
Ŋɔdzidodowo doa dzikatsoƒoe nɛ, eye woyɔnɛ de nu kplikplikpli.
Ale ŋɔdzi na wotsrɔ̃ le aɖabaƒoƒo ɖeka me, wobu, eye wo nu yi!
Nusi sim ame vɔ̃ɖi le la, eyae dzɔna ɖe edzi; ke ame nzɔdzɔewo ƒe didi vaa eme na wo.
Eye wova gblɔ na Dawid ƒe aƒe la bena: Aram ƒu asaɖa anyi ɖe Efrayim. Tete eya kple eƒe dukɔ ƒe dzi ʋuʋu nyanyanya, abe alesi avemetiwo ʋuʋuna le ya nu ene.
fia la ƒe mo fu tititi, eye eƒe tamesusuwo ɖo ŋɔdzi nɛ, eƒe ali me ka tso, eye eƒe klowo le wo nɔewo ƒom kpakpakpa.
Esi Filistitɔwo kpe ta va ƒu asaɖa anyi ɖe Sunem la, Saul hã ƒo Israel blibo la nu ƒu, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilboa.
Eye Saul bia nu Yehowa, ke Yehowa meɖo ŋu nɛ le drɔ̃e me loo alo to Urim alo nyagblɔɖilawo dzi o.