4 Esi wova gblɔ na Saul bena, Dawid si yi Gat la, megadii azɔ o.
4 Esi Saul se be David si yi Gat la, edzudzɔ eyometiti.
Eƒe dɔlawo katã le exa le yiyim, eye Kretitɔwo kple Pletitɔwo katã kpakple Gatitɔ alafa ade, siwo katã dze eyome tso Gat la, zɔ fia la ŋgɔ.
Tete Saul gblɔ bena: Mewɔ nuvɔ̃, gbugbɔ, vinye Dawid, nyemagawɔ vɔ̃a ɖeke wò azɔ o, elabena nye agbe xɔ asi le ŋkuwò me egbe, kpɔ ɖa, mewo lãnu, eye meda ƒu ŋutɔ.
Eye Dawid kple eƒe amewo, amesiame kple eƒemetɔwo, tsi Axis gbɔ le Gat; Dawid kple srɔ̃a eveawo, siwo nye Axinoam tso Yezreel kple Nabal srɔ̃ Abigail tso Karmel.
Eye Dawid gblɔ na Axis bena: Ne ève nunye la, ekema na nɔƒem ɖe anyigba dzi duawo dometɔ ɖeka me, ne manɔ afima; nukaŋuti wò dɔla anɔ fiadua me kpli wò?