Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 27:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Axis ɖo ŋu ɖe Dawid ŋu hebu bena, anya wɔ nu baɖaa ɖe le eƒe dukɔ Israel gbɔ, eye wòanye yeƒe dɔla ɖaa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Fia Akis xɔ David dzi se eye wòbu be Israelviwo alé fui azɔ. Fia la bu be, “Azɔ la, atsi afi sia eye wòasubɔm tegbetegbe.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 27:12
6 Mawu Ofanana  

Tete Yakob gblɔ na Simeon kple Lewi bena: Miehe dzɔgbevɔ̃e va dzinye, eye anyi gbadzinɔla, siwo nye Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo la, woalem ɖe fu me: kpɔ ɖa, ame ʋeea ɖewo koe míenye, eye ne woaƒo ƒu ɖe mia ŋu la, ekema woaɖu mía dzi, eye woatsrɔ̃m kple tɔnyetɔwo katã.


Ke esi Amon-viwo kpo be, yewozu Dawid ƒe ketɔwo la, Amon-viwo dɔ woɖatsɔ aʋa Aramtɔwo le Bet-Rexob kple Aramtɔwo le Zoba, wole afɔzɔla akpe blave, kple Maaxa-fia ame akpe ɖeka kpakple Istobtɔwo ame akpe wuieve.


Eye wogblɔ na wo bena: Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu mi, eye wòakpɔ me na mi. Elabena miena miede asi ʋeʋẽ me ɖe Farao kple eŋuti mewo, gɔ̃ la miede yi asi na wo, be woatso awu mí.


Eye Israel blibo la se bena, Saul si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo, eye Israel-viwo ƒe nya gblẽ le Filistitɔwo gbɔ. Tete woyɔ dukɔ la ƒo ƒu ɖe Saul ŋu le Gilgal.


Dawid mena ŋutsu alo nyɔnu tsi agbe o, elabena ebu be, ne yekplɔ wo va Gat la, woava ƒo nu le yewo ŋu agblɔ be: Ale kple ale Dawid wo enye si. Alea wòwɔ le ŋkeke, siwo katã wònɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi la me.


Eye wòva me le ɣemaɣi bena, Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔwo nu ƒu, ne woawɔ aʋa kple Israel. Eye Axis gblɔ na Dawid bena: Nyae be, mia kple wò amewo miele aʋa ho ge kplim!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa