Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 27:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ke Dawid gblɔ le eƒe dzi me bena: Gbe ɖeka ko mele Saul si me tsi ge; anyo nam wu, ne mesi yi ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, ekema Saul atasi nye nya, eye magadim le Israel-nyigba blibo la dzi azɔ o, eye mage le esi me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Ale David nɔ bubum le eɖokui me be, “Gbe ɖeka la, Saul ƒe asi asu dzinye. Mate Filistitɔwo domenɔnɔ kpɔ va se ɖe esime Saul nadzudzɔ yonyemetiti. Ekema maganɔ dedie.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 27:1
29 Mawu Ofanana  

Eye Yerobeam gblɔ le eƒe dzi me bena: Azɔ fiaduƒe la gale gbugbɔ ge ayi de Dawid ƒe aƒe la si me.


Tete fia la de adaŋu hewɔ sikanyivi eve, eye wògblɔ na wo bena: Miede Yerusalem wòsɔ gbɔ azɔ! Israel, kpɔ ɖa, wò mawu, siwo kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi la, wonye si.


Tete wòvɔ̃, eye wòtso dze mo yi Beer-Seba, si nye Yuda to la, le eƒe agbe ta, eye wògblẽ eƒe ɖekakpui ɖe afima.


Eye Yuda-fia Amazya de aɖaŋu heɖo ame ɖe Israel-fia Yoas, amesi nye Yehu vi Yoaxaz ƒe vi, be woagblɔ ne bena: Va, ne míakpe akɔ kple mía nɔewo kpɔ!


Esime dzi ɖe le ƒonye la, megblɔ be: Amegbetɔwo katã nye alakpadalawo


Mebe: Ao, ɖe wonye aʋalae le asinye abe ahɔ̃ne ene la, anye ne madzo aɖatsi afia ɖe!


Menye esia mienɔa gbɔgblɔm na wò le Egipte bena: ɖe asi le mía ŋu míasubɔ Egiptetɔwo ko, elabena ne míesubɔ Egiptetɔwo la, enyo wu esi míaɖaku ɖe gbedzi oa?


Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi; ke didi, si va me la, agbeti wonye.


Nyee, nyee nye amesi afa akɔ na mi. Ameka nènye, be nèle amegbetɔ, si nye nu kukua, kple amegbetɔvi, si wowɔna abe gbe ene la vɔ̃m?


Nukata gɔ̃ Yehowa kplɔ mí va anyigba sia dzi, bena míatsi yi nu, eye mia srɔ̃wo kple mia viwo nazu aboyonu? Ne míagbugbɔ ayi Egipte la, ɖe manyo na mí awu oa?


Eye Yesu do abɔ ɖa enumake, eye wòlée hegblɔ nɛ bena: Wò xɔseʋeetɔ, nukaŋuti nèke ɖi mahã?


Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wo mievɔ̃ ale? Ɖe xɔse mele mia si o mahã?


Elabena esi mieva Makedonia hã, míaƒe ŋutilã mekpɔ dzudzɔa ɖeke o, ke míekpe fu le nusianu me boŋ, dzrewɔwɔ le mía gota, eye vovɔ̃ le mía me.


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ŋkeke nenie nanɔ konyi fam le Saul, amesi megbe be, megaɖu fia ɖe Israel dzi o la ŋu? De ami wò lãdzo la me, eye nayi; kpo ɖa, mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le Betlexem, elabena mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.


Tete Samuel tsɔ lãdzo, si me ami le, eye wòsi ami nɛ le nɔviawo dome. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Dawid dzi tso gbemagbe dzi. Eye Samuel dze mo yi Rama.


Ke Dawid gaka atam gblɔ bena: Fofowò nyae be, mèlɔ̃a nu le gbɔnye o, eyata wobu be, Yonatan meganyae, ne wòavee o! Ke meta Yehowa ƒe agbe kple wò siaa: Ne afɔɖeɖe ɖeka le mía kple ku dome fi!


Ke nyagblɔɖila Gad gblɔ na Dawid bena: Megatsi mɔ̃ me le to la dzi o, ke boŋ yi Yuda-nyigba dzi! Eye Dawid dzo heva ave me le Xarel.


Eye wògblɔ ne bena: Megavɔ̃ o, elabena fofonye Saul ƒe asi matu wò o, eye wòe le fia ɖu ge ɖe Israel dzi, ke nye la manye evelia anɔ ŋuwò, eye fofonye hã nyae alea.


Eye nenye be, Yehowa na nu nyui, siwo ŋugbe wòdo na wò, nye aƒetɔ, va me nɛ pɛpɛpɛ, eye wotsɔ wò ɖo amegã ɖe Israel nu la,


Azɔ nye aƒetɔ nese eƒe dɔla ƒe nyawo dzro: Nenye Yehowae do wò ɖe ŋunye la, ekema axɔ vɔsa aʋẽ ase, ke nenye amegbetɔviwoe la, ekema aɖi wo ŋu le Yehowa ŋku me, elabena wonyãm egbe, be nyemagakpɔ gome le Yehowa ƒe anyigba dzi o hegblɔ bena: Yi ɖasubɔ mawu bubuwo!


Filistitɔwo ƒe amegãwo ho yi alafaalafa kple akpeakpe: ke Dawid kple eƒe amewo ho mamlea kpe ɖe Axis ŋu.


Tete Filistitɔwo ƒe amegãwo gblɔ bena: Nuka dim Hebritɔ siawo le? Axis ɖo ŋu na Filistitɔwo ƒe amegãwo bena: Alo menye eya nye Dawid, Israel-fia Saul ƒe dɔla, si le gbɔnye ƒe eve enye si oa? Eye nyemekpɔ naneke le eŋu, tso esime wòva vaseɖe egbe o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa