Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 26:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Kpɔ ɖa, alesi wò agbe nye nu gã le ŋkunye me egbe la, nenema ke nye agbe anye nu gã le Yehowa ŋku me, eye wòaɖem tso hiãwo katã me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Azɔ la, Yehowa naɖe nye agbe abe ale si meɖe tɔwò egbe ene; eye wòaɖem tso nye xaxawo katã me.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 26:24
17 Mawu Ofanana  

mawudɔla, si ɖem tso nye hiãwo katã me la, ayra ɖeviawo eye woayɔ nye ŋkɔ kple fofonye Abraham kple Isak ƒe ŋkɔ ɖe wo ŋu, wòadzi ɖe dzi, eye woasɔ gbɔ le anyigba la dzi.


Tete Dawid ɖo ŋu na Rexab kple nɔvia Baana, amesiwo nye Beerottɔ Rimon viwo, gblɔ na wo bena: Meta Yehowa, si ɖe nye agbe tso hiãwo katã me la, ƒe agbe:


nye amenuveve kple nye mɔ̃ sesẽ, nye sitsoƒe kple ɖelanye kpakple nye akpoxɔnu, si gbɔ mebe ɖo, amesi tsɔ nye dukɔ la ɖe tenye.


Na henɔ la, tso Yehowa ƒe dɔla Dawid gbɔ, amesi gblɔ ha sia ƒe nyawo na Yehowa le ɣeyiɣi, si me Yehowa ɖee tso eƒe futɔwo katã si me kpakple Saul si me.


Ale Yehowa ɖo eteƒe nam le nye dzɔdzɔenyenye kple nye asi dzadzɛ, siwo le eŋku me la ta.


Mawu, amesi bia hlɔ̃ nam, eye wo nya dukɔwo de tenye;


Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ tsoa wo katã me.


Vɔ̃ la agbugbɔ ayi nye ketɔwo dzi; tsrɔ̃ wo ɖa le wò nyateƒe la nu!


Woayra amesiwo le nublanui kpam na amewo la: elabena woawoe woakpɔ nublanui na.


Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃, si miedrɔ̃ la, eya ke woatso adrɔ̃ ʋɔnu mi; eye dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.


hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.


eye bena woaɖe mí atso votolawo kple ame vɔ̃ɖiwo si me; elabena menye amewo katã si xɔse la le o.


Eye megblɔ nɛ bena: Nye aƒetɔ, wòe nyae! Eye wògblɔ nam bena: Amesiawo nye amesiwo ɖo go tso xaxa gã la me, eye wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.


Eye wòva me, ne Filistitɔwo ƒe amegãwo ho, eye zi geɖe alesi woho la, edzea dzi na Dawid wu Saul ƒe dɔlawo katã, eye eƒe ŋkɔ de du ŋutɔ.


Yehowa nanye ʋɔnudrɔ̃la, eye woadrɔ̃ ʋɔnu le mía kpli wò dome, akpɔ nya me, eye woaxɔ nya ɖe nunye atso afia nam ɖe ŋuwò!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa