Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 26:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Yehowa aɖo amesiame ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple nuteƒewɔwɔ teƒe nɛ, elabena Yehowa tsɔ wò de asi nam egbe, eye nyemeɖe asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Yehowa ŋutɔ axe fe na ame si wɔ nyui kple ame si wɔ nuteƒe. Ao, nyemawu wò o, togbɔ be Yehowa tsɔ wò de asi nam hã.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 26:23
16 Mawu Ofanana  

Yehowa wɔ nam ɖe nye dzɔdzɔenyenye nu, eye wòɖo teƒe nam le esi nye asi dza ta.


Eyata Yehowa ɖo eteƒe nam le nye dzɔdzɔenyenye ta, le esi nye asi dza le eŋku me ta.


ekema nasee le dziƒo, eye nadrɔ̃e na wò dɔlawo ahabu fɔ vodala, eye nana eƒe nuwɔwɔ nava eƒe la dzi, ke natso afia na nya dzɔdzɔe tɔ, eye nawɔ ne le eƒe dzɔdzɔenyenye nu.


Nye Mawu, ɖo ŋui nam, eye megana nye lɔlɔ̃dɔ, si mewɔ ɖe nye Mawu ƒe aƒe kple eƒe subɔsubɔhawo ŋu la nu natsi o!


ke boŋ eɖoa eteƒe na amegbetɔ le eƒe nuwɔwɔ nu, eye wònana wòvaa me na ŋutsu le eƒe zɔzɔme nu.


Mawu ƒo nu zi ɖeka, eye nu eve mese le eme; Mawu tɔe nye ŋusẽ,


Kpɔ ɖa, wò ŋkuwo kpɔe egbe sia be, Yehowa tsɔ wò ɖe asi nam egbea le agado la me; eye wogblɔ be, mawu wò, ke meve nuwò, eye megblɔ bena: Nyemaɖe asi nye aƒetɔ ŋu o, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.


Fofonye, kpɔ ɖa, wò awu ʋlaya nu enye si le asinye; esi melã wò awu ʋlaya nu, eye nyemewu wò o la, nadze sii bena, vɔ̃ alo tame vɔ̃a ɖeke mele menye o, eye nyemewɔ nuvɔ̃a ɖeke ɖe ŋuwò o; ke wò la èle nye agbe ɖim be, yeaɖe ɖa.


hegblɔ na Dawid bena: Enye ame dzɔdzɔe wum, elabena èwɔ nyui nam, ke nye la mewo vɔ̃ ɖe ŋuwò!


Ede nyui, si nèwɔ nam la, fia egbe be, esi Yehowa tsɔm de asi na wò la, mèwum o.


Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, made nye asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu! Eyata tsɔ akplɔ, si le eƒe tade, kple tsize la, ne miadzo!


Dawid ɖo ŋu gblɔ bena: Kpɔ ɖa, fia ƒe akplɔ enye si, ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka neva afi, ne woaxɔe!


Ke Dawid gblɔ na Abisai bena: Megawui o: elabena ameka ade eƒe asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu, eye woagbe tohehe nɛa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa