Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 26:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Tete Saul gblɔ bena: Mewɔ nuvɔ̃, gbugbɔ, vinye Dawid, nyemagawɔ vɔ̃a ɖeke wò azɔ o, elabena nye agbe xɔ asi le ŋkuwò me egbe, kpɔ ɖa, mewo lãnu, eye meda ƒu ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Enumake Saul ʋu eme be, “Mewɔ nu vɔ̃. Trɔ va aƒe, vinye eye nyemagadze agbagba be mawɔ vɔ̃ aɖeke wò o, elabena èɖe nye agbe egbe; abunɛtɔe menye eye tɔnye medzɔ le go aɖeke me kura o.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 26:21
16 Mawu Ofanana  

Egadɔ ame blaatɔ̃wo ƒe amegã kple eƒe ame blaatɔ̃wo ɖa zi etɔ̃lia. Eye ame blaatɔ̃wo ƒe amegã etɔ̃lia yi ɖadze klo ɖe Eliya ŋku me ƒo koko nɛ gblɔ nɛ bena: Taflatse, Mawu ƒe ame, na nye agbe kple wò dɔla blaatɔ̃ siawo ƒe agbe naxɔ asi le ŋkuwò me.


Kpɔ ɖa, dzo tso dziƒo, eye wòfiã ame blaatɔ̃wo ƒe amegã gbãtɔ eveawo kple woƒe ame blaatɔ̃awo; eyata na nye agbe naxɔ asi le ŋkuwò me.


Eƒe ame kɔkɔewo ƒe ku nye nu xɔasi le Yehowa ŋku me.


Amea ɖeke mate ŋu axɔ nɔvia akpɔ o, eye mate ŋu axe etafe na Mawu,


Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.


Tete Farao do woɖayɔ Mose kple Aron vɛ, eye wògblɔ na wo bena: Meda vo! Yehowa tɔ dzɔ, ke mía kple nye dukɔ la to medzo o.


Bileam ɖo ŋu na Yehowa ƒe ɖɔla la bena: Mewɔ nuvɔ̃, elabena nyemenyae be, wòe tsi tre ɖe ŋunye le mɔ dzi o. Eyata ne medze ŋuwò o la, ekema magbugbɔ.


Mewo nuvɔ̃ be, mede ʋu maɖifɔ asi. Ke woawo gblɔ bena: Mía gbɔ nya kae wotsoa? Wò ŋutɔ kpɔ edzi!


Samuel gblɔ na Saul bena: Ewo bometsinu! Ɖe wònye ɖe nèlé Yehowa, wò Mawu ƒe se, si wòde na wò me ɖe asi la, anye ne Yehowa ana wò fiaɖuɖu nali ke ɖe Israel tegbee.


Saul gblɔ na Samuel bena: Mewɔ nuvɔ̃ be, meda Yehowa ƒe se kple wò nyawo dzi; elabena ɖe mevɔ̃ dukɔ la, eyata mese woƒe gbe ɖo.


Eye wògblɔ bena: Mewɔ nuvɔ̃; gake de bubu ŋunye fifia le nye dukɔ la ƒe ame tsitsiwo kple Israel ŋku me dzro, eye nagbugbɔ kplim, ne mayi aɖade ta agu de Yehowa, wò Mawu la ŋku me!


Eye wòva me, ne Filistitɔwo ƒe amegãwo ho, eye zi geɖe alesi woho la, edzea dzi na Dawid wu Saul ƒe dɔlawo katã, eye eƒe ŋkɔ de du ŋutɔ.


Esi Dawid wu nuƒoƒo na Saul nu vɔ la, Saul gblɔ bena: Vinye Dawid, wò gbee nye esia? Eye Saul fa avi kple ɣli


Dawid ɖo ŋu gblɔ bena: Kpɔ ɖa, fia ƒe akplɔ enye si, ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka neva afi, ne woaxɔe!


Kpɔ ɖa, alesi wò agbe nye nu gã le ŋkunye me egbe la, nenema ke nye agbe anye nu gã le Yehowa ŋku me, eye wòaɖem tso hiãwo katã me.


Esi wova gblɔ na Saul bena, Dawid si yi Gat la, megadii azɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa