Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 26:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye wògblɔ bena: Nukaŋuti nye aƒetɔ le eƒe dɔla yome tim? Nuka mewo, eye vɔ̃ ka le ŋunye?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Eye wòyi edzi be, “Nu ka ta nye aƒetɔ le eƒe subɔla yome tim? Nu ka mewɔ eye nu ka tututue nye nu vɔ̃ si mewɔ?

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 26:18
12 Mawu Ofanana  

Amegãwo ti yonyeme yakatsyɔ, eye nye dzi dzo nyanyanya le wò nya la ta.


Elabena yakatsyɔ woɖo dɔ de ŋunye, eye yakatsyɔ woɖe ʋe na nya luʋɔ.


Meɖo ɣli nu ti kɔ nam, eye nye gbe me xe, mele mɔ kpɔm na nye Mawu ʋuu wòti nye ŋkuwo.


Eye Yeremya gblɔ na fia Zedekiya bena: Nuvɔ̃ ka mewo ɖe mia kple wò dɔlawo kple dukɔ sia ŋu, hafi mietsɔm ɖe ga me?


Yesu ɖo ŋu na wo bena; Dɔwɔwɔ nyui geɖewo mefia mi tso Fofonye gbɔ; dɔwɔwɔwo dome ka ta miele kpe fɔ ge aƒum ɖo mahã?


Yesu ɖo ŋu nɛ bena: Ne megblɔ nya vɔ̃ la, ekema fia kpɔɖeŋu le nusi nye vɔ̃ la ŋu; ke ne enyo la, nukaŋuti nèle ƒoyem mahã?


Ameka le mia dome ali nuvɔ̃ ɖe dzinye mahã? Ne megblɔ nyateƒe la, nukaŋuti miexɔm se o mahã?


Dawid ɖo ŋu bena: Nuka mehewɔ fifia? Menye nya ta koe mebia oa?


Eye Dawid si tso Nayot le Rama heva ƒo nu kple Yonatan gblɔ bena: Nuka mewo, vo ka meda, eye nuvɔ̃ ka mewo ɖe fofowò ŋu, hafi wòle nye ku dim?


Emegbe Dawid tso hedo le agado la me, eye wòdo ɣli ɖe Saul yome gblɔ bena: Nye aƒetɔ fia! Eye Saul nyẽ kɔ, tete Dawid de ta agu, eye wòbɔbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa