4 Esi Dawid se le gbeadzi bena, Nabal va fu ko ge na eƒe alẽwo la,
4 Esi David se be Nabal nɔ fu kom na eƒe alẽwo la,
Ke esi wogblɔ na Tamar bena, toa gbɔna va Timnat fu sẽ ge na eƒe alẽwo la,
Eye wòva me le ƒe eve megbe, esime Absalom le fu kom na alẽwo le Baal-Xazor, si le Efrayim gbɔ la, Absalom kpe fia viŋutsuwo katã.
Ŋutsu la ŋkɔ nye Nabal, eye srɔ̃ ŋkɔ nye Abigail: nyɔnu la ƒe tagbɔ ka, eye wòdze tugbe, ke ŋutsua enye ŋlɔmitɔ, evɔ̃ɖi, eye wòtso Kaleb-ƒome me.
Dawid dɔ ɖekakpui ewo gblɔ na wo bena: Miyi Nabal gbɔ le Karmel, ne miaɖado gbe nɛ nam;