Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 25:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Ɖeko meta Yehowa, Israel ƒe Mawu, si xe mɔ nam be, nyemagawɔ vɔ̃ wò o la ƒe agbe, ɖe menye ɖe nèɖe abla va kpem o la, anye ne ŋutsua ɖeke makpɔtɔ na Nabal, hafi ŋu nake o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

34 elabena metsɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si na nyemewɔ nuvevi wò o la, ka atam be ne menye ɖe nèva do gom o la, Nabal ƒe amewo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã maganɔ agbe etsɔ ŋdi o.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 25:34
8 Mawu Ofanana  

Tete Mawu gblɔ nɛ le drɔ̃eƒe bena: Nye hã menyae bena, wò dzime kɔ le ewɔwɔ me; eyata metso wò xɔ ɖo, be nagade asi eŋu ahawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye o.


Tete Gibeontɔwo ɖo ame ɖo ɖe Yosua le Gilgal le asaɖa me gblɔ bena: Megaɖe asi le wò dɔlawo ŋu o, va mía gbɔ kaba naxɔ na mi, eye nakpe ɖe mía ŋu, elabena Amoritɔwo ƒe fia, siwo katã le towo dzi la, ƒo ta kpli ɖe mía ŋu.


Tete Yosua va ƒo ɖe wo dzi kpoyi, elabena ezɔ zã blibo la tso Gilgal.


Esi ŋu ke la, Saul mã dukɔ la ɖe aʋalɔgo etɔ me, eye wova dze asaɖa la dzi le ŋdi ŋudzɔɣi hewu Amonitɔwo vaseɖe ŋdɔ. Ke amesiwo kpɔtɔ la, ka hlẽ, ale be wo dome ame eve metsi afi ɖeka o.


Tete Abigail wɔ kaba tsɔ abolo alafa eve, wein lãgbalẽgolo eve, alẽ atɔ̃, siwo woɖa, bli tɔtɔe dzidzenu atɔ̃, weintsetse ƒuƒu bolo alafa ɖeka kple gbotsetsebolo alafa eve, eye wotso wo ɖo tedziwo dzi.


Mawu afia Dawid ƒe futɔwo agafia wo ɖe dzi, ne makpɔtɔ eƒe ŋutsuwo katã dometɔa de ɖi, hafi ŋu nake fi!


Eyata nye aƒetɔ, mefa Yehowa ƒe agbe kple wò amea siaa, Yehowa nye amesi xe mɔ na wò, be nagaɖe hlɔ̃fe, eye natsɔ wò asi axa na ɖokuiwò o! Azɔ Nabal nenɔ abe nye aƒetɔ ƒe futɔ, siwo le eƒe gbegblẽ dim la ene!


Esi Dawid se be, Nabal ku la, egblɔ be: Woakafu Yehowa, si wɔ dzre kple Nabal ɖe ŋukpe, si wòdom la ta, eye wòtsri vɔ̃ na eƒe dɔla, ke Yehowa na Nabal ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ va eƒe ta dzi! Tete Dawid dɔ ame ɖa, be woaƒo nu kple Abigail, ne yeaɖee wòanye ye srɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa