Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 25:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ŋutsu la ŋkɔ nye Nabal, eye srɔ̃ ŋkɔ nye Abigail: nyɔnu la ƒe tagbɔ ka, eye wòdze tugbe, ke ŋutsua enye ŋlɔmitɔ, evɔ̃ɖi, eye wòtso Kaleb-ƒome me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Eŋkɔe nye Nabal. Srɔ̃a nye nyɔnu dzetugbe aɖe si ƒe tagbɔ kɔ; eŋkɔe nye Abigail. Nabal nye Kaleb ƒe dzidzimevi, enye ame si meɖɔ ʋu kura o eye wòganye ŋlɔmitɔ kple kɔlialiatɔ hã.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 25:3
15 Mawu Ofanana  

Ke esi wògogo Egipte la, egblɔ na srɔ̃a Sarai bena: Kpɔ ɖa, menya bena, nyɔnu dzetugbe nènye.


Elabena ame vɔ̃ɖi tsoa eƒe dzimedidiwo ƒoa adegbee, eye ŋubiala ɖea Yehowa ɖe aga heɖea alɔme le eŋu.


Nyɔnuwo ƒe nunya tua woƒe xɔ; ke bometsitsi tsɔa eya ŋutɔ ƒe asi gbãnɛ ƒua anyi.


Aƒe kple kesinɔnuwo nye ɖomenyinu tso eme fofowo gbɔ; ke nyɔnu nyanu la, Yehowa gbɔ wòtsona.


Ne kluvi zu fia, ne nuɖuɖu bɔ ɖe bometsila si,


Amekae akpɔ nyɔnu zazɛ̃? Eƒe asime sẽ wu adzagba tɔ.


Ekea eƒe nu kple nunya, eye nufiame fafɛwo le eƒe aɖe dzi.


Eye Yosua tso Arba, Enakitɔwo fofo, ƒe du, si nye Xebron la na Kaleb, Yefune vi, ɖe Yuda viwo dome, abe alesi Yehowa gblɔ ne ene.


Eyata bu ta me nadi nusi nawɔ, elabena woɖo vɔ̃ ɖe míaƒe aƒetɔ kple eƒe aƒe blibo la ŋu; ke eyama la ame vɔ̃ɖi wònye, eye amea ɖeke mekpɔ mɔ aƒo nu de egbɔ o


Nye aƒetɔ megaɖii na Nabal, ŋutsu vɔ̃ɖi sia o: elabena eya kple eƒe ŋkɔe sɔ: eŋkɔ nye Nabal, eye movitɔ wònye; ke wò dɔlanyɔnu mekpɔ nye aƒetɔ ƒe ɖekakpui, siwo wòdo ɖa la o.


Esi Dawid se le gbeadzi bena, Nabal va fu ko ge na eƒe alẽwo la,


Míeyi ɖadze Kretitɔwo ƒe dziehe kple Yuda-nyigba kpakple Kaleb ƒe dziehe gome dzi, eye mieta dzo Ziklag.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa