Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 25:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke Nabal ɖo ŋu na Dawid ƒe dɔlawo gblɔ bena: Ameka nye Dawid, eye ameka nye Isai vi? Egbe siawo la dɔla geɖewo ɖe wole go dzem le woƒe aƒetɔwo gbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Ke Nabal bia be, “Ame kae nye David eye ame ka tututue Yese vi sia bu be yenye? Subɔla geɖewo li le ŋkeke siawo me, ame siwo si dzo le woƒe aƒetɔwo gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 25:10
14 Mawu Ofanana  

Eye yakamea ɖe le afima, si ŋkɔ nye Seba, Bixri vi, eye wònye Benyamintɔ; eku kpẽ gblɔ bena: Gomea ɖeke mele Dawid gbɔ na mi o, eye domenyinu ɖeke mele Isai vi la si na mi o. Israel lee, mia dome amesiame neyi eƒe agbadɔ me!


Esi Israel blibo la kpɔ bena, fia la mese woƒe gbe o la, dukɔ la ɖo ŋu na fia la bena: Gome ka le Dawid gbɔ na mí, eye domenyinu ka le Isai vi la gbɔ na mi? Israel, yi wò agbadɔ me! Dawid, kpɔ wò aƒe gbɔ! Eye Israel dzo yi eƒe agbadɔ me.


Farao ɖo ŋu bena: Ameka nye Yehowa, ne maɖo to eƒe gbe aɖe asi le Israel-viwo ŋuti wòayi? Nyemenya Yehowa la o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋuti wòayi hã o!


Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.


Megagblɔ be, nukata tsa ŋkekewo nyo wu fifitɔwo hã o, elabena mèle biabiam ɖe nunya me o.


Womagayo bometsilawo be bubumewo azɔ o, eye womagayɔ ayetɔwo be ŋkutatɔwo o.


Ayetɔ ɖoa ta me vɔ̃ɖi, edea adaŋu vɔ̃ be, yeatsɔ alakpanya agblẽ hiãtɔwoe, nenye be, ame dahe la to nya dzɔdzɔe hã.


Eye Gaal, Ebed vi, gblɔ bena: Ameka nye Abimelex, eye ameka nye Sixemtɔ ma ƒe vi, ne míasubɔe? Ɖe menye eyae nye Yerub-Baal ƒe vi, eye wòtsɔ Zebul ɖo dumegã oa? Misubɔ Sixem fofo Hemor ƒe viwo boŋ! Nuka la gɔ̃ miasubɔ eya ɖo?


Tete Saul do dɔmedzoe ɖe Yonatan ŋu, eye wògblɔ nɛ bena: Wò nyɔnu tsigbe ƒe vi! Menyae be, ètia Isai vi la, be natsɔ ado ŋukpe ɖokuiwò kple dawo ƒe ama.


Eye hiãtɔwo, fenyilawo kple amesiwo katã dome le vevem la, va kpe ta ɖe eŋu, eye wòzu woƒe tatɔ; amesiwo le eŋu la, woanɔ ame alafa ene.


Tete Dawid ƒe ɖekakpuiawo va gblɔ nya siawo katã na Nabal le Dawid ƒe ŋkɔ me, eye wole esinu kpɔm.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa