Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 23:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Dawid gabia nu Yehowa, eye Yehowa ɖo ŋu gblɔ ne bena: Tso nayi Kegila, elabena matso Filistitɔwo aɖe asi na wò!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 David gabia gbe Yehowa eye wògaɖo eŋu be, “Miyi Keila elabena makpe ɖe mia ŋu miaɖu Filistitɔwo dzi.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 23:4
14 Mawu Ofanana  

Le nya sia megbe la Dawid bia Yehowa bena: Mayi Yuda-duawo dometɔ ɖeka mea? Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Yi! Eye Dawid gblɔ be: Afika yi ge mala? Yehowa ɖo ŋu bena: Yi Xebron!


Eye Dawid bia nu Yehowa bena: Mahe ɖe Filistitɔwo ŋua, eye ɖe atsɔ wo ade asi nama? Yehowa ɖo ŋu na Dawid bena: Ho yi, elabena matsɔ Filistitɔwo ade asi na wò!


Ke esia mesɔ gbɔ le Yehowa ŋku me o, ke boŋ atsɔ Moabitɔwo ade asi na mi,


Tete Dawid bia nu Mawu be: Maho ɖe Filistitɔwo ŋua, eye atsɔ wo aɖe asi nama? Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Ho yi, eye matso wo ade asi na wò!


ekema miawo miado te xa me aɖaxɔ du la, eye Yehowa, mia Mawu, atsɔe ade asi na mi.


Eye Gideon gblɔ na Mawu bena: Taflatse, megado dɔmedzoe ɖe ŋunye be, megale nu ƒo ge fifia o! Na magatsɔ alẽgbalẽ la atee akpɔ zi ɖeka! Alẽgbalẽ la ɖeɖeko nanɔ ƒuƒuie, ke zãmu naƒo anyigba blibo la dzi!


Eye Yehowa gblɔ na Gideon bena: Ame alafa etɔ̃, siwo kui kplɔ la, tsɔ ge mala aɖe mi, eye matsɔ Midiantɔwo aɖe asi na wò; ke ame mamleawo katã negbugbɔ yi aƒe.


Eye Yehowa gblɔ nɛ le zã ma me bena: Tso, naɖi yi asaɖa la me, elabena metsɔe ɖe asi na wò!


Eye wogabia nu Yehowa bena: Ɖe ame la hã va afisia? Yehowa ɖo ŋu bena: Kpɔ ɖa, eɣla ɖe agbawo totro me.


Tete Dawid bia Yehowa bena: Mayi ɖasi Filistitɔ siawoa? Yehowa gblɔ na Dawid bena: Yi, ele Filistitɔwo si ge, eye èle Kegila ɖe ge.


Tete Dawid ƒe amewo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, miele vɔvɔ̃m le Yuda afisia tso, hafi míaho ayi Kegila aɖakpe kple Filistitɔwo ƒe aʋalɔgoawoa?


Tete Dawid kple eƒe amewo yi Kegila, wowɔ aʋa kple Filistitɔwo, eye wokplɔ woƒe lãhawo dzoe, eye wowu wo dome ame geɖewo. Ale Dawid ɖe Kegilatɔwo.


Eye Saul bia nu Yehowa, ke Yehowa meɖo ŋu nɛ le drɔ̃e me loo alo to Urim alo nyagblɔɖilawo dzi o.


Eye Dawid bia nu Yehowa bena: Mati adzoha sia yomea? Eye matu woa? Eɖo ŋu nɛ bena: Ti wo yome, elabena èle wo tu ge, eye axɔ ameawo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa