Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 23:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Saul le to la ƒe go si me, ke Dawid kple eƒe amewo le to la ƒe go keme me; eye Dawid wɔ kaba, be yeasi le Saul nu, ke Saul kple eƒe amewo ɖe to ɖe Dawid kple eƒe amewo, be yewoalé wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Saul nɔ to aɖe ƒe akpa ɖeka ŋu eye David hã nɔ to ma ke ƒe akpa evelia ŋu. Esi wòsusɔ vie Saul kple eƒe amewo naɖe to ɖe David kple eƒe amewo la, David dze agbagba be yeasi gake mɔnukpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 23:26
17 Mawu Ofanana  

Tete Dawid gblɔ na eƒe dɔla, siwo katã le eŋu le Yerusalem la bebena: Mitso, ne miasi; elabena mía dometɔa ɖeke makpɔtɔ le Absalom ŋku me o! Netsɔ, mídzo, ne eƒe afɔ nagatsɔ wòabi mi, eye wòahe dzogbevɔ̃e ava mia dzi, eye woatsrɔ̃ du la kple yi o!


Mia Mawu, madrɔ̃ ʋɔnu wo oa? Elabena ŋusẽa ɖeke mele mía ŋu ɖe ameha gbogbo sia, si ho ɖe mía ŋu la ŋuti o. Mienya nuka wɔ ge míala o, negbe ŋuwò ko míaƒe ŋku le.


Woɖe to ɖe mí le míaƒe afɔɖeɖewo katã me, eye woƒe ŋku le mía ŋu, be woaxlã mi ɖe anyi.


tso ame vɔ̃ɖi, siwo dze dzinye, kple nye futɔ, siwo nyrã de to ɖem la, si me.


Meganɔ adzɔge tso gbɔnye o, elabena xaxa tu aƒe; elabena xɔnametɔa ɖeke mele afi o.


Ami ƒu le ƒuto me nam abe sonugaglɛ ene, nye aɖe le ɖe nye veme, eye nètsɔm ɖo ku ƒe ʋuʋudedi me.


Woakafu Yehowa, elabena eɖe eƒe amenuveve fiam nukutɔe le ɖu sesẽ me.


Nɔviwo, míele didim be, miaƒe xaxa, si miekpɔ le Asia la, nanɔ manyamanya na mi o, bena wowɔ fu mí geɖe ŋutɔ, wu alesi míete ŋu kpee, ale gbegbe be, míetsi dzodzodzoe keŋ le míaƒe agbe ŋuti.


Eye woyi anyigba la ƒe gbadzaƒe, eye woɖe to ɖe ame kɔkɔewo ƒe asaɖa kple du lolo la ŋu, eye dzo hlẽ tso dziƒo va fiã wo.


Esi wofi tofi na Gazatɔwo bena, Simson va afisia la, woɖe to ɖee, eye wode xa ɖe du la ƒe agbo nu nɛ le zã blibo la katã me; wozi ɖoɖoe le zã blibo la katã me be, ne ŋu ke la, yewoawui.


Eye Mixal ɖiɖi Dawid to fesre nu, eye wòsi dzo heyi.


Yonatan gado ɣli ɖe ŋutsuvi la yome bena: Ɖe abla, nètso, megate o! Eye Yonatan ƒe ŋutsuvi la fɔ aŋutrɔawo va eƒe aƒetɔ gbɔ.


Esi Saul kple eƒe amewo yi edi ge, eye wova gblɔe na Dawid la, eɖi abu yi agakpe la gbɔ ɖanɔ Maon-gbedzi. Ke esi Saul see la, eti Dawid yome va Maon-gbedzi.


Tete ame dɔdɔa ɖe va Saul gbɔ gblɔ bena: Nètsɔ nava, elabena Filistitɔwo va ƒo ɖe anyigba la dzi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa