Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 23:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eyata miyi ɖadii le bebeƒe, siwo katã wòɣla ɖo la, eye ne mienyae vavã la, ekema migbugbɔ va gbɔnye, ne mayi kpli mi! Nenye be, ele anyigba la dzi la, ekema madii le Yuda ƒe ame akpeawo katã dome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Mikpɔ afi si tututu wòbe ɖo eye miatrɔ ava gblɔe nam. Ekema mayi kpli mi eye ne anya nɔ afi ma lɔƒo ko la, ne wòahiã be madii le nuto me blibo la hã la, madii eye makpɔe kokoko!”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 23:23
14 Mawu Ofanana  

Meta Yehowa, wò Mawu ƒe agbe. Dukɔ alo fiaɖuƒea ɖeke meli, afisi nye aƒetɔ medɔ ame ɖo, be woadi wò le o; eye ne wogblɔ be, mele afi o la, ekema enana fiaɖuƒe la kple dukɔ la ka atam nɛ be, womekpɔ wò o.


Egblɔ be: Miyi ɖakpɔ afisi wòle, ne mado ame dɔ, ne woalée vɛ. Eye wova gblɔ nɛ be: Kpɔ ɖa, ele Dotan.


Enɔa xa me ɖe agblekɔƒewo xa, ebena wua ame maɖifɔ, eye wònɔa ŋu tsam na ame kudɔewo.


Elabena woƒe afɔwo le tsɔtsɔm ɖe vɔ̃ɖiwɔwɔ ŋu, eye wole abla ɖem, be woakɔ ʋu ɖi.


Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.


Eye ne edro la, egblɔna be: Yehowa, gagbugbɔ va Israel ƒe ame akpeawo gbɔ!


Eye wòsusɔ ŋkeke eve, ne ŋutitoto kple abolo maʋamaʋã ƒe ŋkekenyuie la naɖo; eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo ɖi alesi woawɔ alée le aɖaŋu me, ne woawui;


Miyi ɖadi eme tsitotsito, ne mianya, eye miakpɔ teƒe, si eƒe alo le, kpa kple amesi kpɔe le afima; ela bena wogblɔ nam bena, edze adaŋu ŋutɔ.


Eye wotso dze Saul ŋgɔ heyi Sif; ke Dawid kple eƒe amewo le Maon-gbedzi le gbadzaƒe, si le gbegbe la ƒe dziehe gome.


Kpɔ ɖa, wò ŋkuwo kpɔe egbe sia be, Yehowa tsɔ wò ɖe asi nam egbea le agado la me; eye wogblɔ be, mawu wò, ke meve nuwò, eye megblɔ bena: Nyemaɖe asi nye aƒetɔ ŋu o, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa