Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 23:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eyata fia, ne enya dze ŋuwò nèbe, yeayi ko la, ekema va mía gbɔ, eye míatsɔe ade asi na fia la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Amegã, va ne míalée na wò ekema wò didi gãtɔ ava eme!”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 23:20
11 Mawu Ofanana  

Eye Abner gblɔ na Dawid bena: Na matso ayi aɖaƒo Israel blibo la nu ƒu ɖe nye aƒetɔ fia ŋu, ne woabia nu kpli wò, eye, naɖu fia, alesi dze ŋuwò! Tete Dawid ɖo Abner ɖa wòyi le ŋutifafa me.


Ame vɔ̃ɖi kpɔe, eye dzi kui, eɖu aɖukli, eye wòabu ɖa. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu ayi.


Mawu, tsɔ wò ŋkɔ xɔ nam, eye natsɔ wò ŋusẽ tso afia nam!


Ame dzɔdzɔewo ƒe didi enye dzɔgbenyuie ɖeɖe sɔŋ; ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ enye dziku.


Wò ame vɔ̃ɖi, megade xa ɖe ame dzɔdzɔe ƒe nɔƒe ŋu o; megagblẽ eɖɔƒe o.


Ame geɖewo wɔa nu, be woadze amegã ŋu; ke Yehowa gbɔe ame ƒe afiatsotso tsona.


Ne Lewitɔa ɖe tso Israel blibo la ƒe dua ɖe me, afisi wònye amedzro le, va la, ekpɔ mɔ ayi teƒe, si Yehowa atia la faa, abe alesi wòdi ene,


Eye Dawid gblɔ bena: Ɖe Kegilatɔwo atsɔ mía kple nye amewo ade asi na Saul mahã? Yehowa ɖo ŋu bena: Woatsɔ mi ade asi.


Saul gblɔ bena: Yehowa ayra mi, elabena mieve nunye!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa