Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 23:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye wògblɔ ne bena: Megavɔ̃ o, elabena fofonye Saul ƒe asi matu wò o, eye wòe le fia ɖu ge ɖe Israel dzi, ke nye la manye evelia anɔ ŋuwò, eye fofonye hã nyae alea.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Yonatan ka ɖe edzi na David bena “Mègavɔ̃ o, fofonye ƒe asi masu dziwò gbeɖe o! Wòe azu fia ɖe Israel dzi eye manɔ ŋuwò, anye evelia na wò abe ale si fofonye nyae nyuie ene.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 23:17
24 Mawu Ofanana  

Yehowa li kplim, nyemavɔ̃ o, nuka amegbetɔ awɔm?


Dzideƒo vevi le Yehowa-vɔvɔ̃ me, eye sitsoƒe wònye na viawo.


Tameɖoɖo geɖewo le amegbetɔ ƒe dzi me; ke Yehowa ƒe aɖaŋudede nɔa anyi.


Mido ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo, eye mide agbe klo beliwo me.


Migblɔ na amesiwo ƒo dzi ɖe le la be. Milé dzi ɖe ƒo, migavɔ̃ o! Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si! Hlɔ̃biabia gbɔna, Mawu ƒe teƒeɖoɖo; eya ŋutɔ gbɔna, ne woaxɔ na mi.


megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Wò, nyẽvi Yakob, wò, ha sue Israel, megavɔ̃ o! Makpe ɖe ŋuwò, Yehowa ye gblɔe; wò xɔnametɔ enye Israel ƒe kɔkɔetɔ la.


Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye abu tɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye, Yehowa ye gblɔe!


Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.


Eye esi mieva Roma la, aʋafia la tsɔ gatɔwo de aʋafia gã la si; ke woɖe mɔ na Paulo bena, woanɔ etɔwo gbɔ kple asrafo, si dzaa eŋu.


ke ne etso Mawu gbɔ la, miele eŋu te ge agblẽe o, bena womagakpɔ mi abe amesiwo le tsitre tsim ɖe Mawu ŋuti ene o.


gbesigbe ke madze mo ayi Spania la, mava mia gbɔ; elabena mele mɔ kpɔm bena, ne mele afima mɔ tom la, mava kpo mi ɖa, eye miaɖom ɖa ayi afima, ne mia kpɔkpɔ naɖi ko nam ʋee hafi.


Ale bena míatsɔ dzideƒo agble be; „Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?“


Elabena ŋkeke alesi Isai vi la le agbe le anyigba dzi la, mia kple wò fiaɖuƒe mali ke o; eyata ɖo, ne woakplɔe vɛ nam, elabena kuvi wònye!


Tsi gbɔnye, megavɔ̃ o, elabena amesi le nye ku dim la, eya aɖi wò hã wò ku; èkpɔ sitsoƒe le gbɔnye.


Ede nyui, si nèwɔ nam la, fia egbe be, esi Yehowa tsɔm de asi na wò la, mèwum o.


Ɖe amea ɖe atu eƒe futɔ, eye wòana wòalé eƒe mo kɔ̃a? Eyata Yehowa natsɔ nyui aɖo eteƒe na wò le nusi nèwɔ nam egbe la ta!


Ke kpɔ ɖa, menyae be, èle fia zu ge, eye Israel-fiaɖuƒe la ali ke ɖe asiwò.


Eye wova alẽkpɔwo gbɔ le mɔ to, afisi agadoa ɖe le, eye Saul yi ɖe eme, be yeade afɔdzi; ke Dawid kple eƒe amewo le agado la ƒe agɔ me gbɔ.


Eye nenye be, Yehowa na nu nyui, siwo ŋugbe wòdo na wò, nye aƒetɔ, va me nɛ pɛpɛpɛ, eye wotsɔ wò ɖo amegã ɖe Israel nu la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa