Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 23:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye Dawid nɔ bebeƒewo le gbedzi kple towo dzi; eye Saul du ŋkekeawo katã, gake Mawu metsɔe de asi nɛ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Azɔ la, David nɔ agadowo me le gbedzi le Zif ƒe tonyigba dzi. Tso ŋkeke yi ŋkeke la, Saul di David gake Mawu metsɔ David de asi nɛ o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 23:14
19 Mawu Ofanana  

Bebeƒe nenye nam; èkpɔ tanye le xaxa me, eye nètsɔ ɖeɖe ƒe aseyetsotso ƒo xlãm. Sela.


Mebe: Ao, ɖe wonye aʋalae le asinye abe ahɔ̃ne ene la, anye ne madzo aɖatsi afia ɖe!


Elabena woƒe afɔwo le tsɔtsɔm ɖe vɔ̃ɖiwɔwɔ ŋu, eye wole abla ɖem, be woakɔ ʋu ɖi.


Nunya kple gɔmesese kpakple aɖaŋuɖoɖoa ɖeke meli ɖe Yehowa ŋu o.


Elabena woawo la, ne womewó vɔ o kpea, wometea ŋu ɖɔa alo o, eye ne womeƒu ame anyi o la, alɔ̃dɔdɔ buna ɖe wo.


Eye fia la de se na fiavi Yeraxmeel kple Seraya, Azriel vi, kpakple Selemya, Abdiel vi, be woaɖakplɔ agbalẽŋlɔla Barux kple nyagblɔɖila Yeremya vɛ; ke Yehowa tsɔ wo ɣla.


Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mia dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?


nye yometitiwo kple nye fukpekpe, siwo mekpe le Antioxia kple Ikonio kple Listra la yome; yometiti ma, siwo medo dzi kpe la, Aƒetɔ la ɖem tso wo katã me.


Sif, Telem, Bealat,


Maon, Karmel, Zif, Yuta,


Eye Dawid kpɔ bena, Saul ho be, yeadi eƒe ku. Ke Dawid le ave me le Sif-gbedzi.


Eye wova gblɔ na Saul bena: Dawid va Kegila. Tete Saul gblɔ bena: Mawu tsoe de asi nam, elabena eva tu eɖokui ɖe du, si nu agbo kple gameti le la me.


Kpɔ ɖa, wò ŋkuwo kpɔe egbe sia be, Yehowa tsɔ wò ɖe asi nam egbea le agado la me; eye wogblɔ be, mawu wò, ke meve nuwò, eye megblɔ bena: Nyemaɖe asi nye aƒetɔ ŋu o, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.


Ke Dawid gblɔ le eƒe dzi me bena: Gbe ɖeka ko mele Saul si me tsi ge; anyo nam wu, ne mesi yi ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, ekema Saul atasi nye nya, eye magadim le Israel-nyigba blibo la dzi azɔ o, eye mage le esi me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa