Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 22:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Tete Saul gblɔ na eƒe dɔla, siwo tsi tre ƒo xlãe la bena: Mi Benyamin-viwo, misee! Ɖe Isai vi la atsɔ agblewo kple weinbɔwo na mi katã? Eye ɖe wòaɖo mi katã amegãwoe ɖe ame akpe kple ame alafa nu,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Esi wòse nya sia la, egblɔ be, “Miɖo tom, mi Benyaminviwo! Ɖe David do ŋugbe na mi be yeana agbledenyigbawo kple waingblewo mi eye yeado mi ɖe ŋgɔ le aʋakɔ la mea?

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 22:7
14 Mawu Ofanana  

Eye Dawid xlẽ dukɔ la, eye wòɖo amegãwo ɖe ame akpe kple ame alafa nu.


Eye yakamea ɖe le afima, si ŋkɔ nye Seba, Bixri vi, eye wònye Benyamintɔ; eku kpẽ gblɔ bena: Gomea ɖeke mele Dawid gbɔ na mi o, eye domenyinu ɖeke mele Isai vi la si na mi o. Israel lee, mia dome amesiame neyi eƒe agbadɔ me!


Esi Israel blibo la kpɔ bena, fia la mese woƒe gbe o la, dukɔ la ɖo ŋu na fia la bena: Gome ka le Dawid gbɔ na mí, eye domenyinu ka le Isai vi la gbɔ na mi? Israel, yi wò agbadɔ me! Dawid, kpɔ wò aƒe gbɔ! Eye Israel dzo yi eƒe agbadɔ me.


Eye esi amewo tso Benyamin-viwo kple Yuda-viwo dome va Dawid gbɔ̃ le mɔ̃ me la,


Eye atilɔ amie tso Isai ƒe atitakpo me, eye dzedze atso eƒe ke me atse ku.


Eye woava me le ɣemaɣi be, dukɔwo adi Isai ƒe ke, si nye aflaga li na anyigba dzi dukɔwo la yome, eye eƒe gbɔɖemeƒe anye atsyɔ̃.


Dawid ƒe mɔwo katã dzea edzi, elabena Yehowa li kplii.


Esi Dawid nɔƒe ɖi gbɔlo le dzinu yeye ƒe ŋkeke evelia dzi la, Saul bia via Yonatan bena: Nukaŋuti Isai vi la meva nuɖuƒe etsɔ kple egbe oa?


Tete Saul do dɔmedzoe ɖe Yonatan ŋu, eye wògblɔ nɛ bena: Wò nyɔnu tsigbe ƒe vi! Menyae be, ètia Isai vi la, be natsɔ ado ŋukpe ɖokuiwò kple dawo ƒe ama.


Saul gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti mia kple Isai vi la miebla ɖe ŋunye? Etso abolo kple yi ne, eye nèbia nu Mawu nɛ, ne wòaɖe xa ɖe ŋunye, abe alesi wòle egbe sia enea?


Tete Edomtɔ Doeg, amesi tsi tre ɖe Saul ƒe dɔlawo gbɔ, ɖo ŋu gblɔ bena: Mekpɔ Isai vi la, esime wòva Axitub vi Aximelex gbɔ le Nob.


Ke Nabal ɖo ŋu na Dawid ƒe dɔlawo gblɔ bena: Ameka nye Dawid, eye ameka nye Isai vi? Egbe siawo la dɔla geɖewo ɖe wole go dzem le woƒe aƒetɔwo gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa