Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 22:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye wòkplɔ wo va Moab-fia gbɔe, eye wotsi egbɔ ŋkeke, siwo katã Dawid nɔ mɔ̃ me le to dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Ale wonɔ Moab nyigba dzi le David ƒe agado la me nɔɣi la katã.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 22:4
15 Mawu Ofanana  

Esi Dawid fɔ ŋdi kanya la, Yehowa ƒe gbe va nyagblɔɖila Gad, amesi nye Dawid ƒe nukpɔla, gbɔ bena:


Emegbe wòsi Moabitɔwo, eye wòna womlɔ anyigba, eye wòdzidze wo kple ka; edzidze ka eve be, woawu, eye wòdzidze ka ɖeka be, woanɔ agbe. Ale Moabitɔwo zu Dawid ƒe dɔlawo, siwo dzɔ nu nɛ.


Dawid le mɔ̃ la me ɣemaɣi, eye Filistitɔwo ɖe aʋakɔ ɖo Betlexem ɣemaɣi.


Eye esi amewo tso Benyamin-viwo kple Yuda-viwo dome va Dawid gbɔ̃ le mɔ̃ me la,


Eye Yehowa gblɔ na Dawid ƒe nukpɔla Gad bena:


Fia Dawid ŋutinyawo, tsãtɔwo kple megbetɔwo la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe nukpɔla Samuel ŋutinyawo, nyagblɔɖila Natan ŋutinyawo kple nukpɔla Gad ŋutinyawo me


Eɖo Lewi-viwo Yehowa ƒe aƒe la me, eye wòlé gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo ɖe asi le Dawid kple fia ƒe nukpɔla Gad kpakple nyagblɔɖila Natan ƒe sedede nu, elabena Yehowa ye de se la to eƒe nyagblɔɖilawo dzi.


Tete meɖo ŋu bena: Ame abe nyee ene nana? Nyemayi gbedoxɔ me, be matsi agbea? Nyemele eme yi ge o.


Dawid tɔ na henɔ la. Yehowae mesi tso. Aleke miele gbɔgblɔm nam be: Misi yi miaƒe towo dzi abe xevi ene?


Ne woti mia yome le du sia me la, nusi yi ɖe bubua ɖe me; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Miele Israel-duawo nu wu ge, hafi amegbetɔvi la nava o.


Eye Dawid dzo tso afima heyi Mizpe le Moab, eye wògblɔ na Moab-fia bena: Taflatse, na fofonye kple danye naʋu ava mia gbɔ, vaseɖe esime manya, alesi Yehowa awɔ nam!


Ke nyagblɔɖila Gad gblɔ na Dawid bena: Megatsi mɔ̃ me le to la dzi o, ke boŋ yi Yuda-nyigba dzi! Eye Dawid dzo heva ave me le Xarel.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa