Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 22:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Dawid dzo tso afima heyi Mizpe le Moab, eye wògblɔ na Moab-fia bena: Taflatse, na fofonye kple danye naʋu ava mia gbɔ, vaseɖe esime manya, alesi Yehowa awɔ nam!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Emegbe la, David yi Mizpa le Moab nyigba dzi be yeabia mɔfiala ale be ye fofo kple ye dada nava nɔ afi ma le fia la ƒe dzikpɔkpɔ te, va se ɖe esime yeanya nu si Mawu le wɔwɔ ge na ye.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 22:3
15 Mawu Ofanana  

Eye Yosef fia nɔƒe fofoa kple nɔviawo, eye wòna anyigba wo le Egipte le Ramses, afisi anyigba nyuitɔ le, abe alesi Farao de se nɛ ene.


Emegbe wòsi Moabitɔwo, eye wòna womlɔ anyigba, eye wòdzidze wo kple ka; edzidze ka eve be, woawu, eye wòdzidze ka ɖeka be, woanɔ agbe. Ale Moabitɔwo zu Dawid ƒe dɔlawo, siwo dzɔ nu nɛ.


Bu fofowò kple dawo, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, ana wò la dzi.


Ke ne viwo alo mamayɔviwo le ahosia ɖe si la, woasrɔ̃ alesi woawo nusi adze Mawu ŋu la le woa ŋutɔwo ƒe aƒe me gbã, eye woaɖo teƒe na wo dzia wo: elabena esia nyo le Mawu ŋku me.


Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze Yefta dzi, eye wòto Gilead kple Manase heva Mizpe-Gilead; eye woho tso Mizpe-Gilead ɖe Amon-viwo ŋu.


Eye mexɔ Moab-nyɔnu Rut, Maxlon srɔ̃, hã wòzu srɔ̃nye, be ame kuku la ƒe ŋkɔ natsi eƒe domenyinu ŋu, ne ame kuku la ŋkɔ magatsrɔ̃ le noviawo kple wo dedu me o! Miawoe nye ɖasefowo egbe!


Eye aƒelikawo tsɔ ŋkɔ nɛ hegblɔ bena: Wodzi ŋutsuvi na Naomi! eye wona ŋkɔe be Obed; eyae dzi Dawid fofo Isai.


Azɔ Israel-fiaɖuƒe la su Saul si, eye wòwɔ aʋa kple eƒe futɔwo katã: Moabitɔwo, Amon-viwo, Edomtɔwo kple Zoba-fiawo kpakple Filistitɔwo godoo va kpe, eye afisiafi, si wòɖo la, eɖua dzi.


Eye hiãtɔwo, fenyilawo kple amesiwo katã dome le vevem la, va kpe ta ɖe eŋu, eye wòzu woƒe tatɔ; amesiwo le eŋu la, woanɔ ame alafa ene.


Eye wòkplɔ wo va Moab-fia gbɔe, eye wotsi egbɔ ŋkeke, siwo katã Dawid nɔ mɔ̃ me le to dzi.


Tete Samuel gblɔ wo katã ne, eye meɣla ɖeke ɖee o. Eye wòɖo ŋu bena: Yehowae, newɔ nusi dze eŋu ko!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa