Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 22:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye hiãtɔwo, fenyilawo kple amesiwo katã dome le vevem la, va kpe ta ɖe eŋu, eye wòzu woƒe tatɔ; amesiwo le eŋu la, woanɔ ame alafa ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Tete ame siwo nɔ hiãkame aɖe me abe fenyilawo ene alo ame siwo nu tɔxɛ aɖe nɔ fu ɖem na la de asi egbɔ vava me va se ɖe esime wòva zu tatɔ na ame abe alafa ene ene.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 22:2
22 Mawu Ofanana  

Eye Xusai gblɔ bena: Enya fofowò kple eƒe amewo be, kalẽtɔwo wonye, eye aɖa le mo na wo abe sisiblisi, si ŋu wole viwo la le gbedzi ene. Aʋame hãe fofowò nye, eye mana ameha la natsi adɔ o.


Tsã esi Saul nye fia ɖe Israel nu la, wòe kplɔa Israel ɖoa goe, eye negakplɔnɛ gbɔnɛ, eye Yehowa gblɔ na wò bena: Wòe anyi nye dukɔ Israel, eye nanye amegã ɖe Israel nu!


Gbugbɔ yi ɖagblɔ na nye dukɔ ƒe amegã Xizkiya bena: Ale Yehowa, fofowò Dawid ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mese wò gbedodoɖa, eye mekpɔ wò aɖatsiwo, kpɔ ɖa, mayɔ dɔ wò, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la ayi Yehowa ƒe me.


Eye nyɔnua ɖe tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo ƒe srɔ̃wo dome va gblɔ na Elisa bena: Srɔ̃nye, wo dɔla ku, eye ènyae bena, wò dɔla vɔ̃a Yehowa. Azɔ fetɔ va, be yealé vinyewo kple eve awɔ kluviwoe.


Ke boŋ mitsɔ aha muame na amesiwo do tsɔtsrɔ̃ ƒe etua nu kple wein na nuxala,


Eye tso Yohanes mawutsidetanamela ƒe ŋkekeawo dzi vaseɖe egbegbe dzi la woƒo zi ɖe dziƒofiaɖuƒe la ŋuti, eye amesiwo ƒo zi ɖe eŋuti la, woawoe le eham.


Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi.


Elabena amesi ta nuwo katã ti ɖo, amesi me nuwo katã to va, amesi kplɔ vi geɖewo yi ɖe ŋutikɔkɔe me la, edzee bena, woawɔ wo xɔxɔ ƒe fia la blibo to fukpekpewo me.


Tete Yefta si le nɔviawo nu yi ɖanɔ Tob-nyigba dzi, eye yakamewo va kpe ta ɖe Yefta ŋu, eye woɖea aʋa kplii.


Ke Dan-viwo gblɔ ne bena: Ɖe nu le mía ŋu, ne dɔmedzoetɔwo magadze mia dzi, eye woatsrɔ̃ mia kple aƒewòmetɔwo ƒe agbe o!


Eye wòle nu xam vevie, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa hele avi fam hehehe.


Eye Dawid dzo tso afima heyi Mizpe le Moab, eye wògblɔ na Moab-fia bena: Taflatse, na fofonye kple danye naʋu ava mia gbɔ, vaseɖe esime manya, alesi Yehowa awɔ nam!


Tete Dawid kple eƒe amewo, woanɔ ame alafa ade, wodze mɔ, eye wodzo tso Kegila ɖo ta afisiafi le yiyim ko. Esi wova gblɔe na Saul be, Dawid si tso Kegila la, etasi hoho la.


Tete Dawid gblɔ na eƒe amewo bena: Mia dome amesiame nefa yi! Eye wo dome amesiame ta yi, eye wotso dze Dawid yome, woanɔ ame alafa ene; ke ame alafa eve tsi nuawo gbɔ.


Eye Dawid xaxa ŋutɔ, elabena aʋakɔ la be, yeaƒu kpee, elabena dzi ku aʋakɔ blibo la dome amesiame le viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo ta; ke Dawid tsɔ eƒe Mawu, Yehowa, do ŋusẽ eɖokui.


Etsɔ wɔle siawo la mele ŋutsua ɖe ɖo ge ɖe wò tso Benyamin-nyigba dzi, nasi ami nɛ, wòanye amegã ɖe nye dukɔ Israel nu, eya naɖe nye dukɔ tso Filistitɔwo si me; elabena mekpɔ nye dukɔ ɖa, eye eƒe ɣli ɖi va gbɔnye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa