Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 22:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye fia la gblɔ na blafo, siwo le tsitre ɖe egbɔ bena: Mile yi, ne miawu Yehowa ƒe nunɔlawo, elabena woawo hã ƒe asi le Dawid ƒe nya me, eye wonyae bena, ɖe wòsi, gake womeva fi tofi nam o! Ke fia ƒe dɔlawo melɔ̃ be, yewoado yewoƒe asi ɖa ada nu Yehowa ƒe nusiawo o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Eɖe gbe na eƒe asrafowo be, “Miwu nunɔla siawo katã elabena wobla kple David ɖe ŋunye; wonya be ele sisim le nunye, ke womegblɔe nam o!” Ke asrafoawo gbe womewu Yehowa ƒe nunɔlawo o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 22:17
15 Mawu Ofanana  

Esia megbe la Absalom di tasiaɖam kple sɔwo na eɖokui hekpe ɖe ŋutsu blaatɔ̃, siwo anɔ du ƒum le eŋgɔ la ŋu.


Ke Adoniya, Xagit vi, do eɖokui ɖe dzi gblɔ bena: Nyee le fia nye ge! Eye wòdi tasiaɖamwo kple sɔwo kple ame blaatɔ̃, siwo ano du ƒum le eŋgɔ la, na eɖokui.


Ke fia Rexabeam wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe wo teƒe, eye wotsɔ wo de fia ŋu asrafo, siwo dzɔa fia ƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu la, ƒe amegãwo si.


Esi Izebel tsrɔ̃ Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo la, Obadya kplɔ nyagblɔɖila alafa ɖeka ɖaɣla ɖe agado me blaatɔ̃blaatɔ̃, eye wòtsɔ abolo kple tsi nyi wòe.


Esime wowu numevɔsa nu la, Yehu gblɔ na fia ŋu asrafowo kple fia ŋu amewo bena: Mige ɖe me, ne miawu wo, eye amea ɖeke megasi o! Tete wowu wo kple yi. Ke esi fia ŋu asrafowo kple fia ŋuti amewo tsɔ woƒe kukuawo ƒu gbe la, woge ɖe Baal ƒe xɔ kɔkɔetɔ me,


Ke vixelawo vɔ̃ Mawu, eye womewɔ se, si Egipte-fia de na wo la dzi o, boŋ wona ŋutsuviawo nɔ agbe.


Ke Petro kple Yohanes woxɔ dzi na wo gblɔ bena: Nenye be, edzɔ le Mawu ƒe ŋku me bena, míaɖo to miawo awu Mawu la, mibu eŋu kpɔ!


Gake dukɔ la gblɔ na Saul bena: Ɖe Yonatan, amesi du dzi gã sia le Israel la, akua? Esia nede megbe xaa! Mieta Yehowa ƒe agbe be, taɖaa ɖeke mage tso eƒe ta ɖe anyigba o; elabena Mawue na be, wowu nusia egbea! Ale dukɔ la xɔ nya ɖe Yonatan nu, be meku o.


Kpɔ ɖa, ŋua ɖe le keke ge, eye mala wò alɔ kple fofowò ƒe alo ɖa, ale be ame tsitsia ɖeke maganɔ aƒewò me o.


Enumake Saul da akplɔe, be yeatɔe. Tete Yonatan dze sii, be ye fofoa ɖo be, yeawu Dawid.


Saul gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti mia kple Isai vi la miebla ɖe ŋunye? Etso abolo kple yi ne, eye nèbia nu Mawu nɛ, ne wòaɖe xa ɖe ŋunye, abe alesi wòle egbe sia enea?


Tete fia la gblɔ bena: Wò Aximelex kple fofowò ƒe aƒemetɔwo katã miaku!


Eyata bu ta me nadi nusi nawɔ, elabena woɖo vɔ̃ ɖe míaƒe aƒetɔ kple eƒe aƒe blibo la ŋu; ke eyama la ame vɔ̃ɖi wònye, eye amea ɖeke mekpɔ mɔ aƒo nu de egbɔ o


hegblɔ bena: Fia, si le mia dzi ɖu ge la, ƒe kɔnuwo enye si: Axɔ mia viŋutsuwo, eye wòatsɔ wo aɖo eƒe tasiaɖam kple eƒe sɔɖolawo nu, ne woanɔ du ƒum le eƒe tasiaɖam ŋgɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa