Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 22:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tete Aximelex ɖo ŋu na fia la gblɔ bena: Ameka le wò dɔlawo katã dome, si woa nuteƒe abe Dawid ene, amesi nye fia ƒe to, eye wònye amegã ɖe ŋuwò mewo nu, eye bubu le eŋu le aƒewò me?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Ahimelek ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ɖe ame ɖeka aɖe le wò subɔlawo katã dome si nye nuteƒewɔla na wò abe wò toyɔvi, David enea? Eyae nye ŋuwòmewo ƒe amegã eye wòganye wò aƒemetɔ si amewo buna la.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 22:14
13 Mawu Ofanana  

Eye Israel-ŋutsuwo gblɔ bena: Miele ŋutsu sia, si do va la, kpɔma? Alɔme de ge wòva le Israel ŋu. Ne amea de wui la, fia ana kesinɔnu geɖe, atsɔ vianyɔnu nɛ wòaɖe, eye wòana fofoa ƒe aƒe magadze nu le Israel o.


Eye Saul ɖee ɖa le eɖokui ŋu hetsɔ ɖo amegã ɖe ame akpe nu, eye wòdona dzea dukɔ la ŋgɔ gagbɔna kpli wo.


Dawid kple eƒe amewo ho yi ɖawu ame alafa eve le Filistitɔwo dome, eye wotsɔ woƒe aʋanuyiwo vɛ na fia la wòde pɛpɛpɛ, bena ne woazu fia ƒe to. Tete Saul tsɔ vianyɔnu Mixal nɛ wòɖe.


Yonatan ɖo ŋu na fofoa Saul gblɔ ne bena: Nukata woaku ɖo, eye nuka wòwɔ?


Eye Dawid va nunɔla Aximelex gbɔ le Nob; tete Aximelex ɖe abla va kpe Dawid, eye wògblɔ nɛ bena: Nukaŋuti wò ɖeka neva, eye amea ɖeke mekpe de ŋuwò o?


Saul gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti mia kple Isai vi la miebla ɖe ŋunye? Etso abolo kple yi ne, eye nèbia nu Mawu nɛ, ne wòaɖe xa ɖe ŋunye, abe alesi wòle egbe sia enea?


Kpɔ ɖa, wò ŋkuwo kpɔe egbe sia be, Yehowa tsɔ wò ɖe asi nam egbea le agado la me; eye wogblɔ be, mawu wò, ke meve nuwò, eye megblɔ bena: Nyemaɖe asi nye aƒetɔ ŋu o, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.


Tsɔ wò dɔlanyɔnu ƒe vodadawo kee! Yehowa ana nye aƒetɔ ƒe aƒe nali ke, elabena Yehowa ƒe aʋawo wɔm nye aƒetɔ la le, eye dzɔgbevɔ̃ea ɖeke madzɔ ɖe dziwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o!


Yehowa aɖo amesiame ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple nuteƒewɔwɔ teƒe nɛ, elabena Yehowa tsɔ wò de asi nam egbe, eye nyemeɖe asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa