Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 22:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ebia nu Yehowa nɛ, etsɔ mɔ dzi nuɖuɖu ne, eye wotso Filistitɔ Goliat ƒe yi ne.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Abimelek bia nu Yehowa nɛ, ena nuɖuɖui eye wòtsɔ Goliat, Filistitɔ la, ƒe yi hã nɛ.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 22:10
11 Mawu Ofanana  

Ele nɛ be, wòava nunɔla Eleazar gbɔ, bena wòatsɔ Urim abia nu nɛ le Yehowa ŋku me; eye alesi wògblɔ la, eya nu woa kple Israel-viwo ƒe ha blibo la katã naho, eye woagatrɔ agbɔ ɖo.


Eye wogabia nu Yehowa bena: Ɖe ame la hã va afisia? Yehowa ɖo ŋu bena: Kpɔ ɖa, eɣla ɖe agbawo totro me.


Nunɔla la gblɔ bena: Filistitɔ Goliat, amesi nèwu le logotibali me la, ƒe yi li; kpɔ ɖa, wòbia avɔ ɖe eŋu, wòle kɔmewu la megbe; ne èbe, yeaxɔe la, axɔe, elabena bubua ɖeke mele afisia kpe ɖe eŋu o. Dawid gblɔ bena: Etɔgbea ɖeke meli o, tsɔe nam!


Tete fia la da be, wòayi aɖayɔ nunɔla Aximelex, Axitub vi, kple fofoa ƒemetɔwo katã, siwo nye nunɔlawo le Nob la vɛ, eye wo katã wova fia la gbɔ.


Saul gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti mia kple Isai vi la miebla ɖe ŋunye? Etso abolo kple yi ne, eye nèbia nu Mawu nɛ, ne wòaɖe xa ɖe ŋunye, abe alesi wòle egbe sia enea?


Egbee mede asi nubiabia me Mawu nɛa? Esia nede megbe xaa tso gbɔnye! Fia megada nya ɖe eƒe dɔla kple fofonye ƒe aƒe blibo la dzi o, elabena wò dɔla mese nya suetɔ alo geɖe le nusiawo katã ŋu o.


Eye Dawid gblɔ bena: Ɖe Kegilatɔwo atsɔ mía kple nye amewo ade asi na Saul mahã? Yehowa ɖo ŋu bena: Woatsɔ mi ade asi.


Tete Dawid bia Yehowa bena: Mayi ɖasi Filistitɔ siawoa? Yehowa gblɔ na Dawid bena: Yi, ele Filistitɔwo si ge, eye èle Kegila ɖe ge.


Dawid gabia nu Yehowa, eye Yehowa ɖo ŋu gblɔ ne bena: Tso nayi Kegila, elabena matso Filistitɔwo aɖe asi na wò!


Eye Dawid bia nu Yehowa bena: Mati adzoha sia yomea? Eye matu woa? Eɖo ŋu nɛ bena: Ti wo yome, elabena èle wo tu ge, eye axɔ ameawo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa