Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 20:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Dawid gblɔ na Yonatan bena: Kpɔ da, etsɔ enye dzinu yeye, eye wòle nam be, mayi nuɖuƒe kple fia hafi; eyata na mayi ɖaɣla ɖokuinye de gbe me vaseɖe ŋkeke etɔ̃lia ƒe fiẽ!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ale David gblɔ be, “Kpɔ ɖa, etsɔe nye dzinu yeye ƒe ŋkekenyui eye ele nam be maɖu nu kple fia la, gake na mayi aɖaɣla ɖokuinye ɖe gbe me va se ɖe etsɔ mele eme o ƒe fiẽ.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 20:5
17 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ bena: Nukata nèbe, yeayi ɖo, egbe mehenye dzinu yeye alo dzudzɔgbe oa? Eɖo ŋu bena: Enyo!


Gbegblẽ le eme, eye ŋutasesẽ kple amebaba mete ɖa le eƒe abla me o.


Mixe ha, mina axatsɛwo, gakasaŋku kple saŋku viviwo naɖi!


Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.


mi amesiwo le gbɔgblɔm be: Gbekagbe gɔ̃ dzinu yeye nu le yiyi ge, ne míadzra bli, eye dzudzɔgbe nu le yiyi ge, ne míaʋu avawo nu ahakpa nudotree sue, míadzi asi ɖe edzi, eye míaŋe nudanu ɖe eme aha amee;


Gbesigbe miele dzidzɔ kpɔm, alo miele ŋkekenyuie ɖum, alo ɣleti yeye dze dzi, eye miesa numevɔ kple akpedavɔ la, ekema miaku kpẽ, eye wòana mia Mawu naɖo ŋku mia dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Gbesigbe ɣleti dze dzi la, miatsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple alẽvi adre, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, asa numevɔ na Yehowa.


Tete wofa kpewo, be yewoaƒui; ke Yesu ɣla eɖokui, eye wòdo go le mawuƒe la me.


Tete nɔviawo dɔ Paulo ɖe ƒu gome enumake, eye Sila kple Timoteo tsi afima.


Eyata migana amea ɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu mi le nuɖuɖu alo nunono ŋuti alo le ŋkekenyuie alo ɣletidzedzi alo Sabat la gome o.


Eye Yonatan va gblɔe na Dawid bena: Fofonye Saul le didim be, yeawu wo; eyata kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie etsɔ, eye nahe ɖe ɣaɣlaƒe!


Eye Yonatan gblɔ nɛ bena: Etsɔe nye dzinu yeye, eye wole tawo bia ge, elabena wò nɔƒe aɖi gbɔlo.


Eye nyitsɔ la nade abla ayi afisi nèɣla ɖokuiwò do le gbedzrogbe, eye nabɔbɔ nɔ Asel-kpe la gbɔ!


Eye Dawid ɣla eɖokui ɖe gbea me. Esi dzinu yeye do la, fia la bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋu, be yeaɖu nu.


Esi Dawid nɔƒe ɖi gbɔlo le dzinu yeye ƒe ŋkeke evelia dzi la, Saul bia via Yonatan bena: Nukaŋuti Isai vi la meva nuɖuƒe etsɔ kple egbe oa?


Tete Yonatan gblɔ na Dawid bena: Gblɔ nusi mawɔ na wò!


Ne fofowò bia tanye la, ekema gblɔ be: Dawid bia gbem be, yeade abla ayi yewo de Betlexem, elabena ƒome blibo la le ƒevɔ sa ge le afima.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa