Ke Dawid gaka atam gblɔ bena: Fofowò nyae be, mèlɔ̃a nu le gbɔnye o, eyata wobu be, Yonatan meganyae, ne wòavee o! Ke meta Yehowa ƒe agbe kple wò siaa: Ne afɔɖeɖe ɖeka le mía kple ku dome fi!
Dawid gblɔ na Yonatan bena: Kpɔ da, etsɔ enye dzinu yeye, eye wòle nam be, mayi nuɖuƒe kple fia hafi; eyata na mayi ɖaɣla ɖokuinye de gbe me vaseɖe ŋkeke etɔ̃lia ƒe fiẽ!