Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 20:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke Dawid gaka atam gblɔ bena: Fofowò nyae be, mèlɔ̃a nu le gbɔnye o, eyata wobu be, Yonatan meganyae, ne wòavee o! Ke meta Yehowa ƒe agbe kple wò siaa: Ne afɔɖeɖe ɖeka le mía kple ku dome fi!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ke David ka atam hegblɔ be, “Fofowò nyae nyuie be nye nu doa dzidzɔ na wò eye wògblɔ na eɖokui be, ‘Mele be Yonatan nanya esia o. Ne menye nenema o la, ava xa nu.’ Meta Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ ƒe agbe be afɔɖeɖe ɖeka koe le nye kple ku dome.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 20:3
18 Mawu Ofanana  

Ke Itai ɖo ŋu na fia la gblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe kple nye aƒetɔ fia ƒe agbe: Afisi nye aƒetɔ fia ano la, afima eƒe dɔla anɔ, eɖanye ku me alo agbe me o!


Ke Eliya gblɔ na Elisa bena: Tsi afisia, elabena Yehowa le dɔyem ɖo ɖe Betel. Elisa ɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe: Ne magblẽ wò ɖi fi! Eye woyi Betel.


Eye Eliya gblɔ nɛ bena: Elisa, taflatse, tsi afisia, elabena Yehowa le dɔyem ɖe Yerixo Eɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe. Ne magblẽ wò ɖi fi! Eye wova Yerixo.


Eye Eliya gblɔ nɛ bena: Taflatse, tsi afisia, elabena Yehowa le dɔyem ɖe Yordan nu. Eɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe: Ne magblẽ wò ɖi fĩ! Eye woa kple eve la woyi.


Ku ƒe kawo ɖe to ɖem, tsiẽƒe ƒe ŋɔdzi lém, eye mekpe hiã kple nuxaxa.


Tete fia, Zedekiya ka atam na Yeremya le adza me bena: Metà Yehowa, amesi na agbe sia mi la ƒe agbe: Ne mawu wò alo atso wò ade asi na ŋutsu, siwo le wò ku dim la fi!


Eye ne èta Yehowa ƒe agbe le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me, eye ɖe eteƒe la, ekema dukɔwo atso wò ayra wo ɖokui, eye woatso wò aƒo adegbee!


Wò agbe atsi segesege me le ŋkuwò me, ànɔ dzodzom nyanyanya zã kple keli, eye maɖo ŋu ɖe wò agbe ŋu o.


Vɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nasubɔe, eye natsɔ eƒe ŋkɔ aka atame.


Amewo taa amesiwo lolo gawu, eye nutata enye kpeɖoɖodzi hena woƒe nyaʋiʋli katã ƒe nuwuwu.


Eye wògblɔ bena: Nye aƒetɔ, taflatse! Nye aƒetɔ, meta wò siaa! Nyee nye nyɔnu, si tsi tre ɖe gbɔwò le teƒe sia ɖo gbe ɖa na Yehowa.


Esi Saul kpɔ Dawid wòyina Filistitɔa kpe ge la, ebia aʋafia Abner bena: Abner, ameka vi enye sia? Abner ɖo ŋu bena: Fiã, mefa wò siaa, nyemenyae o!


Eɖo ŋu nɛ bena: Esia nede megbe xaa, mèle kuku ge o! Kpɔ ɖa, fofonye mewɔa nu gã alo nu suea ɖeke, ne meɖee fiãm hafi o; nukaŋuti fofonye aɣla nusia ɖem? Mele alea o.


Tete Yonatan gblɔ na Dawid bena: Gblɔ nusi mawɔ na wò!


Eyata nye aƒetɔ, mefa Yehowa ƒe agbe kple wò amea siaa, Yehowa nye amesi xe mɔ na wò, be nagaɖe hlɔ̃fe, eye natsɔ wò asi axa na ɖokuiwò o! Azɔ Nabal nenɔ abe nye aƒetɔ ƒe futɔ, siwo le eƒe gbegblẽ dim la ene!


Ke Dawid gblɔ le eƒe dzi me bena: Gbe ɖeka ko mele Saul si me tsi ge; anyo nam wu, ne mesi yi ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, ekema Saul atasi nye nya, eye magadim le Israel-nyigba blibo la dzi azɔ o, eye mage le esi me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa