28 Yonatan ɖo ŋu na Saul bena: Dawid bia gbem be, yeayi Betlexem.
28 Yonatan ɖo eŋu be, “David bia mɔm kple kukuɖeɖe blibo be yeayi Betlehem.
Esi Dawid nɔƒe ɖi gbɔlo le dzinu yeye ƒe ŋkeke evelia dzi la, Saul bia via Yonatan bena: Nukaŋuti Isai vi la meva nuɖuƒe etsɔ kple egbe oa?
Egblɔ be: Na mayi, elabena míaƒe ƒome le vɔ sa ge le dua me, eye nɔvinye ɖo du ɖem: ne ève nunye la, ekema ɖe mɔ nam, ne mayi aɖakpɔ nɔvinyewo ɖa. Eyata meva fia ƒe kplɔ̃ ŋu o ɖo.
Ne fofowò bia tanye la, ekema gblɔ be: Dawid bia gbem be, yeade abla ayi yewo de Betlexem, elabena ƒome blibo la le ƒevɔ sa ge le afima.