Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 2:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Yehowa wɔa ahetɔ kple kesinɔtɔ, eyae ƒua ame anyi, eye wògafɔa ame ɖe dzii.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Yehowa ɖoa ahedada ɖa eye eya kee gaɖoa hokpɔkpɔ ɖa; eyae bɔbɔa ame ɖe anyi eye eya kee gadoa ame ɖe dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 2:7
17 Mawu Ofanana  

Tete wòtsi tre heyi xɔa me, eye wòka ami la ɖe eƒe ta me gblɔ nɛ bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mesi ami na wò heɖo fia wò ɖe Yehowa ƒe aƒe Israel dzi.


Kesinɔnu kple bubu tso gbɔwò, eye nèɖu fia ɖe nusianu dzi; gãnyenye kple ŋusẽ le asiwò me, eye gbɔwò wòtsona be, amea ɖe nazu gã, eye woakpe ŋusẽ.


Kesinɔnu kple bubu geɖe ŋutɔ su Xizkiya si, eye wòwɔ nudzraɖoƒewo ɖe klosalo kple sika, kpe xɔasiwo kple atike ʋeʋẽewo, akpoxɔnuwo kple nu xɔasi vovovowo ŋu.


Etso duwo na eɖokui, eye alẽha kple nyiha gãwo le esi, elabena Mawu na kesinɔnu geɖe ŋutɔe.


gblɔ bena: Amama mele tso ɖanye ƒe ɖɔ me, eye ama ma manɔ agayi Yehowae na, Yehowae gaxɔe, woakafu Yehowa ŋkɔ!


Lé ŋku ɖe dadalawo katã dzi, te wo ɖe anyi, eye naho ame vɔ̃ɖiwo ɖa le wo teƒe!


Edoa ame bɔbɔɖokuiwo de dzi, eye wòkplɔa dzɔgbenyuie ƒua nuxalawo.


Elabena mele dzowɔ ɖum abe abolo ene, eye nye nunono tɔtɔ kple aɖatsi


Elabena menye ɣedzeƒe alo ɣetoɖoƒe alo gbedzie dodoɖedzi tsona o,


ke boŋ Mawue nye ʋɔnudrɔ̃la; eyae bɔbɔa amesi ɖe anyi, eye wòdoa ame keme ɖe dzi.


Kesinɔtɔ kple ame dahe wodoa go wo nɔewo; wo katã wɔla enye Yehowa.


Elabena ŋkeke li na Yehowa Zebaot ɖe dadalawo katã kple ame kɔkɔwo, ɖe nusiwo katã kɔa ta dzi la ŋu, ne woabɔbɔ ɖe anyi;


Elabena mewɔ wò sue le dukɔwo dome, eye medo vlo wò le amegbetɔwo dome.


Eye gbemetiwo katã adze sii be, nye Yehowa ye bɔbɔ ati kɔkɔ la ɖe anyi, eye mekɔ ati tehee la ɖe dzi; nyee na ati mumu la ku, eye ati kuku la dze, nye Yehowa ye ƒo nu, eye mewɔe hã.


Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le Aƒetɔ la ŋku me, eye wòakɔ mi ɖe dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa