Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 wotsɔ abolo tɔ agbate ƒoɖilawo, ke dɔwuitɔwo tasi agbatetsɔtsɔ. Konɔ ke hã dzi adadre, ke vi geɖe dzila ƒe dɔ lé ayi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ame siwo ɖi ƒo tsã la, tsɔ wo ɖokui ɖo awɔbae na nuɖuɖu, ke ame siwo dɔ wu tsã la, dɔ megale wo wum o. Ame si tsi ko tsã la dzi vi adre azɔ, ke ame si si vi adre nɔ la ƒe vidzidɔ lé ayi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 2:5
11 Mawu Ofanana  

amesi na konɔ la nɔa aƒe me, ne wòakpɔ dzidzɔ ahe vidada ene. Mikafu Yehowa!


Mivɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, elabena amesiwo vɔ̃nɛ la, hiã metua wo o.


Anyigba le nu xam wòte eŋu, ŋu kpe Libanon, eƒe lãme gbã, Saron zu abe gbegbe ene, eye Basan kple Karmel lu xe.


Wò konɔ, si medzi vi o, tso aseye; kpɔ dzidzɔ, eye nado aƒa, wò amesi melé ku kpɔ o! Yehowa be: Amesi tsi akogo la ƒe viwo sɔ gbɔ wu srɔ̃tɔ ƒe viwo.


Nu te vi adre nɔ ŋu, eye eƒe luʋɔ dzo le eme; eƒe ɣe ɖo to le keli me, ŋukpe lée, eye eƒe mo tsi dã; matsɔ eƒe ame susɔeawo ade asi na yi le eƒe futɔwo nu, Yehowa ye gblɔe.


Eya dɔwuitɔwo kple nu nyuiwo, eye kesinɔtɔwo la eɖo wo ɖa ƒuƒlu.


Ke Abraham gblɔ bena: Vinye, ɖo ŋku edzi bena, exɔ wò nu nyuiwo vo le wò agbenɔɣi me, eye nenema ke Lazaro xɔ vɔ̃awo; ke azɔ la wole akɔ fam nɛ le afii, eye wò la èle fu kpem.


Elabena woŋlɔ ɖi bena: „Dzi nadzo wò konɔ, si medzi vi o; tso aseye, eye nado ɣli, wò, amesi melé ku kpɔ o la; elabena amesi tsi akogo la, vi geɖe anɔ esi awu srɔ̃tɔ.“


Afa akɔ na wò, eye wòakpɔ dziwò le wò nyagãkuku me; elabena lɔ̃xowò, si wò, eye wòde ŋutsuvi adre nu na wò gbɔ edzi lae, dzii na wò!


Esi ƒe trɔ la, Xana fɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Samuel, elabena egblɔ be: Yehowa si me mebiae le.


Eye atsusia tsɔ dzikunyawo gbã dzi nɛ, le esi Yehowa tsi eƒe dɔ nu ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa